Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 1:31 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

31 bene amesi ke ƒoa adegbe la, naƒo adegbe le Aƒetɔ la me, abe alesi woŋlɔ ɖi ene.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

31 Eya ta abe ale si woŋlɔe ɖi ene be, “Ne ame aɖe aƒo adegbe la, nèƒoe le nu si Aƒetɔ la wɔ la ko ŋu.”

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 1:31
13 Referans Kwoze  

Ke amesi ƒoa adegbe la, naƒo adegbe le Aƒetɔ la me!


Elabena mi amesiwo subɔa Mawu le gbɔgbɔ me la, miawoe nye aʋatsotso vavãtɔ la, eye míeƒoa adegbe le Kristo Yesu me, eye míeɖoa dzi ɖe ŋutilã ŋuti o.


Miƒo adegbe le eƒe ŋkɔ kɔkɔe la ŋu; amesiwo katã dia Yehowa la, ƒe dzi nekpɔ dzidzɔ!


Agbo wo, ya alo wo ɖe nu, eye ahom aka wo ahlẽ; ke wò la atso aseye ɖe Yehowa ŋu, eye aƒo adegbe ɖe Israel ƒe kɔkɔetɔ la ŋu.


Eye ne èta Yehowa ƒe agbe le nyateƒe kple dzɔdzɔenyenye me, eye ɖe eteƒe la, ekema dukɔwo atso wò ayra wo ɖokui, eye woatso wò aƒo adegbee!


Yehowa ye woatsɔ atso afia na Israel ƒe ƒomeawo katã, eye woaƒo adegbe.


Mitsɔ eƒe ŋkɔ kɔkɔe la ƒo adegbee, amesiwo dia Yehowa la ƒe dzi nekpɔ dzidzɔ!


Eye migblɔ be: Wò Mawu, miaƒe xɔla, xɔ na mi, ƒo nua nu ƒu, eye ɖe mi tso dukɔwo si me, ne míada akpe na wò ŋkɔ kɔkɔe la, eye miatsɔ wò kafukafu aƒo adegbee!


Makafu Yehowa ɣeawokatãɣi, eye eƒe kafukafu ano nunya me ɖaa.


Elabena nenye wotso afia na Abraham tso dɔwɔwɔwo me la, nane le esi, si ŋuti wòaƒo adegbe le, gake menye le Mawu gbɔ o.


Ke nɔviwò, nusiawo megblɔ heɖo mía kple Apolo ŋuti le mia ta, bene miasrɔ̃ nu le mía gbɔ, bena miagasusu awu nusi woŋlɔ ɖi la o, bena mia dome amea ɖeke nagado eɖokui ɖe dzi le ame ɖeka ta ɖe ame bubu ŋuti o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite