Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 1:29 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

29 bene ŋutilãa ɖeke nagaƒo adegbe le Mawu ƒe ŋku me o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

29 ale be ame aɖeke mate ŋu aƒo adegbe le eŋu le Mawu ƒe ŋkume o.

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 1:29
11 Referans Kwoze  

Azɔ la, afika adegbeƒoƒo le mahã? Woɖee ɖe aga. To se ka ƒomevi mea? Ɖe dɔwɔwɔwo toe loo? Gbeɖe! Hafi to xɔse ƒe se la me boŋ.


menye dɔwɔwɔ me wòtso o, bene amea ɖeke nagaƒo adegbe o.)


Elabena ameka na nèto vovo ma? Eye nukae le asiwò, si mèxɔ oa? Ke ne wò hã nèxɔe la, nukaŋuti nèle adegbe ƒom abe menye ɖe nèxɔe ene oa?


bene amesi ke ƒoa adegbe la, naƒo adegbe le Aƒetɔ la me, abe alesi woŋlɔ ɖi ene.


Eyata nye adegbeƒoƒo, si le asinye la, ele Kristo Yesu me le Mawu ƒe do ŋuti.


Ke míenyae bena, nusianu, si se la le gbɔgblɔm la, etonɛ na amesiwo le se la me, bene amesiame ƒe nu natsi te, eye xexeme blibo la katã nazu fɔɖila na Mawu.


ke boŋ amesi ke be, yeaƒo adegbe la, neƒo adegbe be, enya nu, eye wòdze sim be, nyee nye Yehowa, amesi si me amenuveve, ʋɔnudɔdrɔ̃ kple dzɔdzɔenyenye le le anyigba dzi, elabena nusiawoe nyoa ŋunye, Yehowa ye gblɔe.


Miaƒe adegbeƒoƒo menyo o. Mienyae bena, amɔwɔ ʋaʋã via ɖe nana amɔwɔ blibo la katã ʋãna o mahã?


Elabena nenye wotso afia na Abraham tso dɔwɔwɔwo me la, nane le esi, si ŋuti wòaƒo adegbe le, gake menye le Mawu gbɔ o.


Ɖe fía aƒo adegbe ɖe amesi tsɔe le nu lãmee la ŋua? Alo ɖe laxalaxa atɔ asi akɔ ɖe amesi le ehem la ŋua? Ɖe ati anye amesi fɔe ɖe dzi la ɖa? Eye ɖe atizɔti akɔ nusi menye ati o la dzia?


Nukaŋuti mavɔ̃ le dzɔgbevɔ̃eɣiwo me, ne nye adikãtɔwo ƒe vodada ɖe to ɖem?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite