Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 1:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Ɖe wòmã Kristo mea? Alo ɖe Paulo ye woklã ɖe atitsoga ŋu ɖe mia ta, alo ɖe Paulo ƒe ŋkɔ mee wode mawutsi ta na mi ɖoa?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 Miaƒe nuwɔna sia na wòle dzedzem abe ɖe Kristo ma ɖe akpa vovovowo me ene. Ke medi be mabia mi se be nye Paulo ye ku ɖe miaƒe nu vɔ̃wo ta hã? Alo wode mawutsi ta na mia dometɔ aɖe le nye ŋkɔ dzia?

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 1:13
15 Referans Kwoze  

Aƒetɔ ɖeka, xɔse ɖeka, mawutsidedeta ɖeka,


Elabena ne amesi gbɔna la, le gbe ƒã ɖem Yesu bubu, si míeɖe gbe ƒãe o la, alo ne miexɔ gbɔgbɔ bubu, si miexɔ tsã o la, alo miexɔ nyanyuie bubu, si miexɔ tsã o la, ekema mieɖoa dzi xɔnɛ nyuie!


Eye Petro gblɔ na wo bena: Mitrɔ le miaƒe dzi me, eye mia dome amesiame nana woade mawutsi ta nɛ ɖe Yesu Kristo ƒe ŋkɔa dzi hena miaƒe nuvɔ̃wo ƒe keke, eye miaxɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe wòanye nunana.


eye wode mawutsi ta na wo katã ɖe Mose me le alilikpo kple ƒu la me.


Ke esi wose esia la, wode mawutsi ta na wo ɖe Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ dzi.


Eye wòde se be, woade mawutsi ta na wo le Yesu Kristo ƒe ŋkɔ la me. Eye woɖe kuku nɛ be, wòanɔ yewo gbɔ ŋkekea ɖewo.


wònye nyanyuie bubua ɖeke meli o, negbe bena amea ɖewo li, siwo blu miaƒe tame, eye wole didim be, yewoadze ŋe Kristo ƒe nyanyuie la.


Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo, miade mawutsi ta na wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple Gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me,


amesi tso eɖokui hena ɖe mía ta, bene yeaxe fe ɖe mia ta axɔ mí atso sedzimawɔmawɔ katã me, eye bene yeaklɔ dukɔ, si doa vevie le dɔ nyui wɔwɔ me la ŋuti hena ye ŋutɔ ɖokui!


bene amea ɖeke nagagblɔ be, mede mawutsi ta na mi ɖe nye ŋuta nye ŋkɔ dzi o.


Elabena esia ŋuti Kristo ku, eye wògagbɔ agbe ɖo, bene wòaɖu Aƒetɔ ɖe ame kukuwo kple ame gbagbewo siaa dzi.


Elabena medze ɖe wo dome amea ɖeke dzi haɖe o; negbe Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ dzi ko wode mawutsi ta na wo ɖo.


Eye wona wòde mawutsi ta na wo ɖe Yordan-tɔsisi la me, le esime woʋu woƒe nuvɔ̃wo me nɛ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite