Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Zekaria 9:2 - Agbenya La

2 Ava Hamat si ƒo xlãe la hã dzi, eye ava Tiro kple Sidon hã dzi togbɔ be wodze aye ale gbegbe hã.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 hekpe ɖe Xamat, si ɖo liƒo nɛ, kple Tiro kpakple Zidon ŋuti, le, esi nunya le wo si ŋutɔ ta.

Gade chapit la Kopi




Zekaria 9:2
20 Referans Kwoze  

“Ame vi, dzi konyifaha aɖe ɖe Tiro fia ŋu, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si: “ ‘Ènye blibodede ƒe kpɔɖeŋu, nunya yɔ mewò, eye wò nyonyo de blibo.


Tso Damasko ŋuti: “Hamat kple Arpad ƒe mo tsi dãa, elabena wose nya vɔ̃. Dzi ɖe le wo ƒo, wotɔtɔ eye wotsi dzimaɖi abe atsiaƒu ene.


Israelvi siwo le aboyo me le Kanaan la axɔ anyigba va se ɖe Zarefat ke; Yerusalemtɔ siwo le aboyo me le Sefarat la ava xɔ du siwo le Negeb.


Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu la gblɔ be, “O Israel ƒe aƒe, mana dukɔ aɖe natso ɖe ŋuwò. Ate wò ɖe to vevie tso Lebo Hamat va se ɖe Wadi Araba tɔʋu la to.”


Le Ribla, le Hamatnyigba dzi, afi ma fia la na wowu wo ɖo. Ale Yuda yi aboyo me, hedzo le eƒe denyigba dzi.


Egipte fia, Farao Neko lée de gaxɔ me le Ribla le Hamat ale be magaɖu fia le Yerusalem o. Hekpe ɖe esia ŋu la, ebla fe si ƒe home nye klosalo kilo akpe etɔ̃ alafa ene kple sika kilo blaetɔ̃-vɔ-ene la na Yuda.


“Yi Sidon ƒe Zarefat enumake eye nànɔ afi ma. Megblɔ na ahosi aɖe le afi ma be wòana nuɖuɖu wò.”


Ale wotsa ŋku le anyigba la dzi tso keke Zin gbegbe la va ɖo Rehob, le Hamat gbɔ.


kpe ɖe Tiro kple Sidon fiawo katã ŋu, fia siwo tso ƒuta kple ƒugodo;


elabena ŋkeke la ɖo be woatsrɔ̃ Filistitɔwo katã, eye woaɖe ame siwo tsi agbe la ɖa, ame siwo ate ŋu akpe ɖe Tiro kple Sidon ŋu. Esusɔ vie Yehowa natsrɔ̃ Filistitɔwo, ame siwo nye Kaftor ƒuta ƒe ame mamlɛawo.


Berota kple Sibraim, afi si le liƒo si le Damasko kple Hamat dzi, ayi keke Hazer Hatikon, le Hauran ƒe liƒo dzi.


Yehowa ƒe nya va nam be,


Yehowa ƒe nya va nam be,


Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Le Damasko ƒe nu vɔ̃ gbogbo siwo wòwɔ edziedzi ta la, nyematsɔ wo akee o, elabena edugu Gilead kple galuƒomɔ abe ale si wotsɔa galuƒomɔ dugua lu ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite