Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Zekaria 8:4 - Agbenya La

4 Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be, “Ŋutifafa kple dzidzeme agava Yerusalem hena ƒe geɖewo, ale be woagakpɔ amegãɖeɖiwo kple nyagãɖeɖiwo woalé kpo ɖe asi, anɔ zɔzɔm ɖɔɖɔɖɔ le ablɔ dzi abe tsã ene.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Amegã ɖeɖiwo kple nyagãwo agabɔbɔ nɔ Yerusalem ƒe ahlɔwo me, eye wo ɖometɔ ɖesiaɖe alé atlzɔtl ɖe asi le ƒe geɖe xɔxɔ la.

Gade chapit la Kopi




Zekaria 8:4
12 Referans Kwoze  

Ke mieva Zion to la gbɔ, dziƒo Yerusalem, si nye Mawu gbagbe la ƒe du la gbɔe mieva. Mieva mawudɔla akpeakpe siwo ƒo ƒu le dzidzɔ kpɔm la ƒe asaɖa me.


Ale Hiob tsi, nɔ agbe wòde edeƒe hafi ku.


Ànɔ agbe wòade edeƒe, ayi yɔ me kple dzidzɔ abe lu ye woxa hebla le nuŋeɣi ene.


Ɣeyiɣi la gbɔna esi maɖe wò kple fofowò ƒe aƒe ƒe ŋusẽ dzi akpɔtɔ ale be amegãɖeɖi aɖeke manɔ wò ƒomea me o,


eye àkpɔ xaxa le nye nɔƒe la me. Togbɔ be woawɔ nyui na Israel hã la, ke wò ƒome me ya la, amegãɖeɖi manɔ anyi akpɔ gbeɖe o.


Emegbe la, ɖetugbiwo, ɖekakpuiwo kple ame tsitsiwo siaa aɖu ɣe akpɔ dzidzɔ. Matrɔ woƒe konyifafa wòazu dzidzɔkpɔkpɔ eye mana akɔfafa kple dzidzɔkpɔkpɔ wo ɖe nuxaxa teƒe.


Amewo anɔ anyi ɖekae le Yuda kple eƒe duwo me, agbledelawo kple lãnyilawo siaa.


Mawudɔla si zɔ va kpee la gblɔ nɛ be, “Ƒu du nàgblɔ na ɖekakpui sia be, ŋkeke li gbɔna esi amewo ayɔ Yerusalem ale gbegbe be womakpɔ nɔƒe na ame sia ame kple woƒe lãhawo o.


ne egate ŋu zɔ emegbe kple atizɔti gɔ̃ hã la, womahe to aɖeke na ame si ƒoe la o, ɖeko woana wòaxe fe ɖe ɣeyiɣi si wògblẽ la ta va se ɖe esime eƒe lãme nasẽ nyuie; ele be wòaxe eƒe dɔdaƒe hã.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite