8 Tete Yehowa ƒe gbe va nam be,
8 Eye Yehowa ƒe gbe va nam bena:
“Nu ka nènye, O, to si ŋu ŋusẽ le? Àzu anyigba sɔsɔe le Zerubabel ŋkume, ahe tamekpe la ado goe ne ɣli le ɖiɖim be, ‘Mawu neyrae! Mawu neyrae!’ ”
“Zerubabel ƒe asie ɖo gbedoxɔ sia ƒe gɔmeɖokpe anyi, eya ta eƒe asie awu enu. Ekema mianya be Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae dɔm ɖe mia gbɔ.
Ame siwo le didiƒe ke la ava, akpe asi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu ŋu, ekema mianyae be Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae dɔm ɖe mia gbɔ. Esia ava eme nenye be mieɖo to Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe gbe pɛpɛpɛ.”