Zekaria 4:6 - Agbenya La6 Egblɔ nam be, “Esia nye Yehowa ƒe gbedeasi na Zerubabel: ‘Menye ŋusẽ alo kalẽ o, ke boŋ Mawu ƒe Gbɔgbɔe.’ Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. Gade chapit laBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 19136 Tete wòɖo ŋu gblɔ nam bena: Yehowa ƒe gbe na Zerubabel enye si: Mava me to aʋa-kɔ alo ŋusẽ me o, ke hoŋ to nye gbɔgbɔ dzi, Yehowa Zebaot ye gblɔe! Gade chapit la |
Fia Asa do ɣli na Mawu be, “Oo Yehowa, ame bubu aɖeke mate ŋu akpe ɖe mía ŋu o! Míate ŋu anɔ te ɖe aʋakɔ gã sesẽ sia nu o. Oo, xɔ na mí, Yehowa míaƒe Mawu elabena wò ɖeka ko ŋue míeɖo ŋu ɖo be, àxɔ na mí eye le wò ŋkɔ mee míele aʋa kpem kple futɔwo ƒe aʋakɔ gã sia. Mègana amegbetɔ siwo mele ɖeke me o la, naɖu dziwò o!”
Megalé ŋku ɖe nuwo ŋu le xexe blibo la me eye mede dzesii be ame si ƒua du sesĩe wu ame bubu ɖe sia ɖe la meɖua dzi le duɖimekekewo katã me ɣe sia ɣi o eye ame sesẽtɔ meɖua dzi le aʋawɔwɔ me ɣe sia ɣi o. Megakpɔe be enuenu la, nunyalawo daa ahe eye aɖaŋutɔwo mezua ame xɔŋkɔwo ɣe sia ɣi kokoko o, ke esiawo katã ɖina ɖe ame ko, ne amea le teƒe nyuitɔ le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.