Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Zekaria 3:5 - Agbenya La

5 Tete megblɔ be, “Mitsɔ tablanu dzadzɛ bla ta nɛ.” Ale wotsɔ tablanu dzadzɛ bla ta nɛ, eye wotsɔ awu do nɛ esi Yehowa ƒe dɔla la nɔ tsitre.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye megblɔ bena: Woatsɔ tablanu dzadzɛ abla ta nɛ! Tete wotsɔ tablanu dzadzɛ bla ta nɛ, eye wodo awuwo nɛ, esime Yehowa ƒe dɔla gali ko.

Gade chapit la Kopi




Zekaria 3:5
13 Referans Kwoze  

Tsɔ klosalo kple sika la nàwɔ fiakuku, eye nàtsɔe aɖɔ na nunɔlagã Yosua, Yehozadak ƒe vi.


eye nàtsɔ tablanu la kple sikaŋgoblanu kɔkɔe la ɖo ta nɛ.


ekema amegãxoxo blaeve-vɔ-eneawo yia klo dzi hetsyɔa mo anyi ɖe eya ame si nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi la ŋgɔ, eye wosubɔa eya ame si le agbe tegbetegbe la. Woɖea woƒe fiakukuwo dana ɖe fiazikpui la ŋgɔ henɔa ha dzim be,


Fiazikpui sue blaeve-vɔ-ene ƒo xlã fiazikpui gãtɔ la, eye amegãxoxo blaeve-vɔ-ene nɔ wo dzi. Wo katã wodo awu ɣiwo, eye woɖɔ sikafiakukuwo.


Metsɔ dzɔdzɔenyenye do abe awu ene eye nuteƒewɔwɔ nye nye awu ʋlaya kple tablanu.


ahuhɔ̃ewo, aklala biɖibiɖi ƒe awuwo, agowuwo kple sedawuwo ɖa.


Ne nunɔlawo ge ɖe Kɔkɔeƒe la ko la, mele be woagayi xɔxɔnu egodotɔ o va se ɖe esime woagblẽ woƒe awu siwo wodo hewɔ subɔsubɔdɔ la ɖe megbe, elabena esiawo le kɔkɔe. Ele be woado awu bubuwo hafi ate ɖe teƒe siwo amewo nɔna la ŋu.”


Yehowa ƒe dɔla la de se sia na Yosua,


Yehowa ƒe nu nyoa ŋunye ŋutɔ, eye nye luʋɔ le dzidzɔ kpɔm le nye Mawu me, elabena etsɔ ɖeɖe ƒe avɔwo ta nam, eye wòtsɔ dzɔdzɔenyenye ƒe awu ʋlaya do nam, abe ale si ŋugbetɔsrɔ̃ ɖoa atsyɔ̃ na eƒe ta, abe nunɔla ene kple abe ale si ŋugbetɔ ɖoa atsyɔ̃e kple lekewɔnuwo ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite