Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Zekaria 2:6 - Agbenya La

6 “ ‘Miva! Miva! Misi tso anyiehenyigba dzi,’ Yehowae gblɔe, elabena mekaka mi de dziƒowo ƒe ya eneawo katã dzi!” Yehowae gblɔe.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eye megblɔ bena: Afika nèyina? Eɖo ŋu nam bena; Yerusalem dzidze ge meyina, ne niakpɔ alesi wòkeke kple alesi wòdidii.

Gade chapit la Kopi




Zekaria 2:6
30 Referans Kwoze  

Eƒe aʋawɔla siwo le sisim la katã atsi yi nu, eye eƒe agbetsilawo akaka ɖe yawo katã nu, ekema mianya be nye Yehowae gblɔe.’


Midzo le Babilonia, misi le Babiloniatɔwo gbɔ! Mitsɔ dzidzɔɣli ɖe gbeƒã esia, eye mido bobloe. Miɖo du ɖe anyigba ƒe mlɔenuwo ke be, “Yehowa ɖe eƒe dɔla Yakob”


Tete mese gbe bubu tso dziƒo le gbɔgblɔm be, “ ‘Nye amewo, mido go le wo dome,’ be miagakpɔ gome le woƒe nu vɔ̃wo me o, be woƒe dɔvɔ̃wo dometɔ aɖeke nagava mia dzi o,


“Eya ta gblɔ be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si: togbɔ be meɖo wo ɖe didiƒe, ɖe dukɔwo dome, eye mekaka wo ɖe anyigbawo dzi hã la, menye sitsoƒe na wo ɣeyiɣi kpui aɖe le anyigba siwo dzi woyi.’


elabena Yehowa aka wò ahlẽ ɖe dukɔwo katã dome tso anyigba la ƒe seƒe ɖeka yi eƒe seƒe bubu. Le afi ma la, àsubɔ mawu siwo wowɔ kple ati kple kpe, mawu siwo wò ŋutɔ kple tɔgbuiwòwo mienya o!


Mawudɔlawo gblɔ na wo be, “Miɖe abla miaɖe miaƒe agbe, eye migakpɔ megbe o. Misi yi toawo dzi, miganɔ gbadzaƒe le afi sia o. Ne menye nenema o la, miatsrɔ̃.”


“Va, O Zion! Si, wò ame si li kple Babilon vinyɔnu!”


“Elabena meɖe gbe, eye matsra Israel ƒe aƒe la le dukɔwo dome abe ale si wotsraa bli kple tsranui ene, ke ku ɖeka gɔ̃ hã mage ɖe anyigba o.


Mia dome mama etɔ̃ ƒe ɖeka aku le dɔvɔ̃ ta alo atsrɔ̃ to dɔwuame me, mama etɔ̃ ƒe ɖeka bubu atsi yi nu le miaƒe gliwo godo, eye mama etɔ̃ ƒe ɖeka mamlɛa maka ahlẽ ɖe yawo nu, eye maɖe yi le aku me anya wo ɖe du nu.’


Mi ame siwo si le yi nu, midzo, migatɔ ɖi o! Miɖo ŋku Yehowa dzi le didiƒenyigba dzi eye mibu Yerusalem ŋu.”


“Nye amewo, mido le wo dome! Misi kple du ne miaɖe miaƒe agbe! Misi le Yehowa ƒe dziku helĩhelĩ la nu.


“Misi tso Babilonia! Si ne nàɖe wò agbe! Womegatsrɔ̃ wò le eƒe nu vɔ̃wo ta o. Ɣeyiɣi de na Yehowa ƒe hlɔ̃biabia, axe fe si dzee la nɛ.


“Misi do go le Babilonia, midzo le Babiloniatɔwo ƒe anyigba dzi eye minɔ abe agbowo le alẽhawo ŋgɔ ene,


“O mi dukɔwo, mise Yehowa ƒe nya, miɖe gbeƒãe le ƒutadu didiwo me. Ame si kaka Israel gbẽe la, agaƒo wo nu ƒu eye wòakpɔ eƒe alẽha dzi abe alẽkplɔla ene!


Kpɔ ɖa, makplɔ wo tso anyiehenyigba dzi vɛ eye maƒo wo nu ƒu tso anyigba ƒe mlɔenuwo ke, ŋkuagbãtɔwo, bunɔwo, funɔwo kple kulélawo anɔ wo dome; ameha gã aɖe ŋutɔe atrɔ agbɔ.


Mawɔ wo woanye ŋunyɔnu na anyigbadzifiaɖuƒewo le nu si Hezekia ƒe vi, Manase, Yuda fia wɔ le Yerusalem ta.


Le ɣe ma ɣi me la, Yuda ƒe aƒe awɔ ɖeka kple Israel ƒe aƒe la eye wo kple eve la woatso dzigbemenyigba aɖe dzi ava, anyigba si metsɔ na mia fofowo be wòanye woƒe domenyinu.”


Yehowa gblɔ nam be, “Gbegblẽ atso anyiehe ava ƒo ɖe anyigbadzinɔlawo katã dzi.


“Miva, mi ame siwo katã tsikɔ le wuwum. Miva tsi gbɔ, eye mi ame siwo si ga mele o, miva ƒle nu ne miaɖu! Miva dze wain kple nyinotsi, menye kple ga o, ke boŋ femaxee.


Boaz yi ɖanɔ dua ƒe ƒuƒoƒe, eye eteƒe medidi o la, ekpɔ Elimelek ƒe ƒometɔ si ƒe nya wògblɔ na Rut. Eyɔe gblɔ nɛ be, “Nɔvinye, va nɔ gbɔnye le afii; medi be matsɔ nya aɖe aɖo wò ŋkume.”


eye wòadɔ eƒe dɔlawo kple kpẽ ƒe ɖiɖi sesĩe, eye woayi aɖaƒo ame titiawo nu ƒu tso ya eneawo dzi, tso dziƒo ƒe dzogoe ɖeka dzi yi bubu dzi.


Adɔ mawudɔlawo be woaƒo ame siwo katã nye etɔwo le xexe bliboa me la nu ƒu tso keke anyigba ƒe dzogoe eneawo dzi va se ɖe dziƒo ƒe nuwuwu ke.


Ètsɔ wò asi nya dukɔwo, eye nètsɔ mía fofowo ɖo wo teƒe. Ègbã dukɔwo gudugudu, ke èna mía fofowo ya dzi ɖe edzi.


Eya ta le mia dome la, fofowo aɖu wo viwo, eye viwo aɖu wo fofowo. Mahe to na mi, eye makaka mia dometɔ siwo atsi agbe la ahlẽ ɖe yawo nu.’


Ne eva zi dzi teti ko la, woagbã eƒe fiaɖuƒe la, amae ɖe dziƒoya eneawo dzi. Fiaɖuƒe la manɔ anyi na eƒe dzidzimeviwo alo wòawɔ ŋusẽ si le esi la ŋu dɔ o, elabena woaxɔ eƒe fiaɖuƒe la atsɔ ana ame bubuwo.


Yehowa be, “Ŋkekewo li gbɔna esi woagbugbɔ du sia atso nam, tso Hananel ƒe Gbetakpɔxɔ gbɔ va se ɖe Dzogoedzigbo la nu.


“Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Matrɔ ɖe Yerusalem ŋu kple nublanuikpɔkpɔ. Le afi ma, woagbugbɔ nye xɔ la atu, eye woatsɔ nudzidzeka aɖo Yerusalem katã ŋuti.’ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite