Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Zekaria 2:4 - Agbenya La

4 Mawudɔla si zɔ va kpee la gblɔ nɛ be, “Ƒu du nàgblɔ na ɖekakpui sia be, ŋkeke li gbɔna esi amewo ayɔ Yerusalem ale gbegbe be womakpɔ nɔƒe na ame sia ame kple woƒe lãhawo o.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Tete megblɔ be; Nuka wɔ ge amesiawo va? Eɖo ŋu bena; Esiawo nye lãdzo, siwo kaka Yuda hlẽ, ale be amea ɖeke megafɔ ta dzi o la; eyata wova, be yewoaɖo ŋɔdzi na wo, eye yewoatutu dukɔ, siwo kɔ dzo dzi ɖe Yuda-nyigba ŋu, be woakakae ahlẽ la ƒe dzowo aƒu anyi.

Gade chapit la Kopi




Zekaria 2:4
24 Referans Kwoze  

“Yi edzi, nàɖe gbeƒã be ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi, ‘Nye duwo agagbagba kple dzidzedze, Yehowa agafa akɔ na Zion, eye wòagatia Yerusalem.’ ”


Ŋkeke si dzi woatu wò duwo la ava eye ŋkeke na wò liƒowo ƒe keke ɖe edzi gbɔna.


Àgblɔ be, “Maho aʋa ɖe du sue siwo womeglã o la ŋuti. Madze ame siwo nye ŋutifafamewo, eye womele mɔkpɔkpɔ me o la dzi; wo katã mele glikpɔwo me o, eye agbowo kple gametiwo mele wo nu o.


Mawɔ David ƒe dzidzimeviwo woanye nye dɔlawo eye mana Levi vi siwo wɔa subɔsubɔdɔ le ŋkunye me la nasɔ gbɔ abe ɣletiviwo le dziŋgɔli ŋu kple ke le ƒuta ene.’ ”


“Gbe ma gbe la, mawɔ Yuda ƒe kplɔlawo woanɔ abe dzoɖenu le nake si woƒo kɔe la dzi ene. Woanɔ abe akakati bibi le gbe ƒuƒuwo dome ene. Woabi ame siwo ƒo xlã wo, ɖusime kple miame siaa, ke Yerusalem ya anɔ te sesĩe.


Yehowa be, “Ŋkekewo li gbɔna esi maƒã amegbetɔwo kple lãwo ƒe nuku ɖe Israel kple Yuda ƒe aƒewo me.


Vi siwo wodzi na mi le miaƒe konyifaɣiwo me la, agblɔ ɖe to me na mi be, ‘Teƒe sia le sue akpa na mí. Mina teƒe keke mí míanɔ.’


Ame si wɔna ɖe eƒe dɔlawo ƒe biabiawo dzi, eye wònaa eƒe dɔlawo ƒe nyagblɔɖiwo vaa eme. “Ame si gblɔ le Yerusalem ŋu be, ‘Amewo aganɔ me wò,’ na Yuda ƒe duwo be, ‘Woagbugbɔ mi atso,’ eye na aƒedowo be, ‘Magbugbɔ mi aɖo te.’


Amewo anɔ anyi ɖekae le Yuda kple eƒe duwo me, agbledelawo kple lãnyilawo siaa.


Wò ŋku nenɔ Zion dzi. Du si me mieɖua miaƒe ŋkekenyuiwo le; wò ŋkuwo akpɔ Yerusalem, ŋutifafaƒe kple agbadɔ si womaɖe ɖa akpɔ o. Womaho eƒe tsyotiwo le tome alo alã ka siwo wohe ɖe wo ŋuti o.


Mègana ame aɖeke nabu wò ame gblɔe le wò ɖekakpuinyenye ta o, ke boŋ nye kpɔɖeŋu nyuitɔ na wo. Na woadze nu si nèfiana kple agbe si nènɔna la yome. Na wò lɔlɔ̃, wò xɔse kple wò susu dzadzɛwo nanye kpɔɖeŋu na wo.


Mawu na nunya kple gɔmesese ɖekakpui ene siawo tso nuŋlɔɖi kple nunya ƒe alɔdze ɖe sia ɖe ŋu. Ke Daniel ya tea ŋu sea ŋutegawo kple drɔ̃e ɖe sia ɖe ƒomevi gɔme.


Ke megblɔ be, “O, Aƒetɔ Mawu, nyemenya nuƒoƒo o eye ɖevi ko meganye.”


Esia tae Yudatɔ siwo le kɔƒewo me la, ɖoa ŋku Ada alo ɣleti wuievelia ƒe ŋkeke wuienelia dzi heɖunɛ le dzidzɔkpɔkpɔ kple nuɖuɖu kple nunono me. Wonaa nunana wo nɔewo hã le ŋkeke ma dzi.


ɖekakpui siwo menye nuwɔamitɔwo le go aɖeke me o, wodze ɖeka, woɖi ame siwo dina be yewoasrɔ̃ nu tso nu sia nu ŋu, wonya nu, sea nu gɔme kabakaba eye wodze na dɔwɔwɔ le fiasã la me. Ele nɛ be wòafia Babiloniatɔwo ƒe gbegbɔgblɔ kple nuŋɔŋlɔ wo.


“Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Matrɔ ɖe Yerusalem ŋu kple nublanuikpɔkpɔ. Le afi ma, woagbugbɔ nye xɔ la atu, eye woatsɔ nudzidzeka aɖo Yerusalem katã ŋuti.’ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.


“Kpɔ ɖa, nyee wɔ gbede si yɔa ʋu ɖe dzo te wòléna, eye wòtua lãnu si hiã na eƒe dɔ. Nyee wɔ nugblẽla be wòagblẽ nu;


Esiae nye dɔvɔ̃ si Yehowa akplɔ aƒu dukɔ siwo katã wɔ avu kple Yerusalem: woƒe ŋutilãwo aƒaƒã le esime wogale afɔ dzi le yiyim. Woƒe ŋkuwo avo ɖe tome na wo, eye woƒe aɖewo aƒaƒã ɖe nu me na wo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite