Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Zekaria 2:2 - Agbenya La

2 Mebiae be, “Afi ka yim nèle?” Eɖo eŋu be, “Meyina be madzidze Yerusalem, ne makpɔ eƒe kekeme kple eƒe didime.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye megblɔ na mawudɔla, si ƒo nu kplim bena; Nusiawo gɔme ɖe?. Eɖo ŋu nam bena; Woawoe nye lãdzo, siwo kaka Yuda, Israel kple Yerusalem hlẽ la.

Gade chapit la Kopi




Zekaria 2:2
10 Referans Kwoze  

“ ‘Ele na mi be miatsɔ anyigba si keke mita akpe eve alafa adre (2,700), eye wòdidi mita akpe wuietɔ̃ alafa atɔ̃ (13,000) la ana du gã la abe etɔ ene, eye wòatɔ ɖe teƒe kɔkɔe la ŋu. Anye Israel ƒe aƒe blibo la tɔ.


Woada nudzidzeka tẽe tso afi ma ayi Gareb togbɛ la gbɔ eye woatso eme ado ɖe Goa.


Wotsɔ aƒla si le abe nudzidzeti ene la nam, eye wogblɔ nam be, “Yi nàdzidze Mawu ƒe gbedoxɔ la kple vɔsamlekpui la, eye nàxlẽ mawusubɔla siwo le afi ma la.


Mebia mawudɔla si nɔ nu ƒom kplim la be, “Afi ka wokɔ kusi la yinae?”


“Azɔ medzo yina ame si dɔm la gbɔ, gake mia dometɔ aɖeke mebia be, ‘Afi ka nèyina?’ o.


Ekplɔm yi afi ma, eye mekpɔ ame aɖe si ƒe dzedzeme ɖi akɔbli. Etsi tsitre ɖe agboa nu. Elé dzidzeka kple nudzidzeti ɖe asi.


“Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Matrɔ ɖe Yerusalem ŋu kple nublanuikpɔkpɔ. Le afi ma, woagbugbɔ nye xɔ la atu, eye woatsɔ nudzidzeka aɖo Yerusalem katã ŋuti.’ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite