Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Zekaria 13:3 - Agbenya La

3 Ne ame aɖe aganɔ nya gblɔm ɖi la, fofoa kple dadaa, ame siwo dzii la agblɔ nɛ be, ‘Èdze na ku, elabena ègblɔ aʋatsonyawo le Yehowa ƒe ŋkɔ me.’ Ke ne egblɔ nya ɖi la, edzilawo ŋutɔ atɔ hɛe wòaku.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye ne amea ɖe gale nya gblɔm ɖi la, ekema eƒe dzilawo, fofoa kple dadaa woagblɔ nɛ bena: Mãtsi agbe o, elabena ègblɔ alakpanya le Yehowa ƒe ŋkɔ me; eye eƒe dzilawo, fofoa kple ɖaɖaa, woaɖa nui, ne egblɔ nya ɖi.

Gade chapit la Kopi




Zekaria 13:3
13 Referans Kwoze  

Ke nyagblɔɖila si ada alakpa be yeƒe nya tso gbɔnye la aku. Nenema ke nyagblɔɖila ɖe sia ɖe si agblɔ be yeƒe nya tso mawu bubuwo gbɔ la, aku.”


“Nenye be mielɔ̃ mia dadawo kple mia fofowo tsɔ wum la, ekema miedze be mianye tɔnyewo o, nenema ke ne mielɔ̃ mia vinyɔnuwo kple mia viŋutsuwo tsɔ wum la, miedze be mianye tɔnyewo o.


“ ‘Eye ne woflu nyagblɔɖila la be wòagblɔ nya ɖi la, nye Yehowae aflu nyagblɔɖila ma, makɔ nye asi dzi ɖe eŋu, eye matsrɔ̃e le nye amewo dome le Israel.


Ke ne nyagblɔɖila alo nunɔla alo ame aɖe ko agblɔ be, ‘Esiae nye Yehowa ƒe gbe’ la, mahe to na ame la kple eƒe aƒekɔ katã.


Eya ta tso fifia dzi heyina la, migadrɔ̃ ʋɔnu ame aɖeke le ŋutilã nu be ame sia nye amegã alo bubume alo be nɔvi kristotɔ aɖe nye nu vɔ̃ wɔla o. Ŋku ma ƒomevie míetsɔ kpɔ Kristoe tsã be enye vɔ̃wɔla, gake fifia la, meganye nenemae míegale ekpɔm o.


“Ame si di be yeanɔ yonyeme la, ele nɛ be wòalɔ̃m wu fofoa, dadaa, srɔ̃a, viawo, nɔvia ŋutsu alo nɔvia nyɔnu. Ɛ̃, le nyateƒe me, ele nɛ be wòalɔ̃m wu eya ŋutɔ ƒe agbe gɔ̃ hã. Ne menye nenema o la, mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o.


Ewɔ wò ɖoɖowo dzi, ewu nu vɔ̃ wɔla geɖewo, eya ŋutɔ ƒe viwo, nɔviŋutsuwo, fofowo kple dadawo gɔ̃ hã.


“Mese nu si gblɔm nyagblɔɖilawo le, ame siwo gblɔ aʋatsonyagblɔɖi le nye ŋkɔ me. Wogblɔ be, ‘Meku drɔ̃e aɖe! Meku drɔ̃e aɖe.’


Tete Nyagblɔɖila Yeremia gblɔ na Hananiya nyagblɔɖila la be, “Ɖo to afii, Hananiya! Yehowa medɔ wò o, evɔ nèƒoe ɖe dukɔ sia nu be wòaxɔ aʋatsonyawo dzi ase.


miagakpɔ alakpaŋutegawo o, eye miagagblɔ alakpanyawo ɖi o. Maɖe nye amewo tso miaƒe asi me. Ekema mianya be nyee nye Yehowa.’ ”


Egblɔ nam be, “Ame vi, afi siae nye nye fiazikpui ƒe nɔƒe kple teƒe na nye afɔƒome. Teƒe siae nye afi si manɔ le Israelviwo dome tegbetegbe. Israel ƒe aƒe la magado gu nye ŋkɔ kɔkɔe la kple woƒe fiawo to woƒe gbolowɔwɔ kple legba siwo me agbe mele o le woƒe nuxeƒewo o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite