Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Zekaria 12:3 - Agbenya La

3 Gbe ma gbe ne dukɔ siwo katã le anyigba dzi ƒo ƒu ɖe eŋuti la, mawɔ Yerusalem wòanye agakpe si meʋãna o la na dukɔwo. Ame siwo katã adi be yewoamli agakpe sia la axɔ abi.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Ɣemaɣi la matsɔ Yerusalem awɔ kpegbae na dukɔwo katã; amesiwo katã be, yewoakɔe la, woade abi wo ɖokui ŋu, eye anyigba dzi dukɔwo katã aƒo takpli de eŋu.

Gade chapit la Kopi




Zekaria 12:3
31 Referans Kwoze  

Nyateƒe, nya sia ɖe wòle abe kpe ene; ame si akli kpe sia la, aŋe kluikluiklui, eye ame si dzi kpe sia age adze la, agbã gudugudu.”


Egblɔ kpe ɖe eŋu be, “Ame sia ame si akli kpe sia la aŋe afɔ. Ke ame si dzi wòage adze la, agbã gudugudu.”


Gbe ma gbe la, akaɖi, vuvɔ alo afu manɔ anyi o.


“Gbe ma gbe la, vudo aʋu na David ƒe aƒe la kple Yerusalem nɔlawo be woaklɔ wo ŋuti tso vɔ̃ kple ɖiƒoƒowo katã me.


Gbe ma gbe la, avi aɖi hoo le Yerusalem abe ale si Hadad Rimon fa avi vevie le Megido ƒe balime ene.


Wonye gbɔgbɔ vɔ̃ siwo le nukunuwo wɔm la, eye wodona yina ɖe xexemefiawo gbɔ, ne woaƒo wo nu ƒu hena aʋawɔwɔ le Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe ŋkeke gã la dzi.


Gbe ma gbe la, Yehowa atsɔ ŋɔdzi aƒo ŋutsuwoe; ŋutsu ɖe sia ɖe aku ɖe nɔvia ƒe asi ŋu, eye woawɔ avu kple wo nɔewo.


“Gbe ma gbe la, mawɔ Yuda ƒe kplɔlawo woanɔ abe dzoɖenu le nake si woƒo kɔe la dzi ene. Woanɔ abe akakati bibi le gbe ƒuƒuwo dome ene. Woabi ame siwo ƒo xlã wo, ɖusime kple miame siaa, ke Yerusalem ya anɔ te sesĩe.


Gbe ma gbe la, made vɔvɔ̃ sɔ ɖe sia ɖe me, eye matsɔ tsukuku ada ɖe wo dolawo dzi.” Yehowae gblɔe. “Nye ŋkuwo anɔ Yuda ƒe aƒe la ŋuti ɖaa, ke magbã ŋku na dukɔwo ƒe sɔwo.


Mamu fiaɖuƒewo ƒe fiazikpuiwo aƒu anyi eye makaka dzronyigbadzifiaɖuƒewo. Mamu tasiaɖamwo kple wo me nɔlawo aƒu anyi eye sɔwo kple wo dolawo atsrɔ̃ eye ame sia ame atsi ehavi ƒe yi nu.”


Le ɣe ma ɣi la, matu nu kple ame siwo katã te mi ɖe anyi la, makpe ɖe ataŋeŋetɔwo ŋu, eye maƒo ame siwo ka hlẽ la nu ƒu. Matsɔ kafukafu kple bubu ana wo le anyigba ɖe sia ɖe si dzi wodo ŋukpe wo le.


Nu vlo si nèwɔ Lebanon la ava ƒo ɖe wò hã dziwò. Lã siwo katã nètsrɔ̃ la ado ŋɔdzi na wò elabena èkɔ ʋu ɖi eye nètsrɔ̃ anyigba kple duwo kple wo me nɔlawo katã.


Mlɔeba la, matrɔ nye dziku akɔ ɖe dukɔ siwo gbe toɖoɖom la dzi eye mabia hlɔ̃ wo.”


Yakob ƒe ame mamlɛawo anɔ dukɔwo kple ame geɖewo dome abe dzata le lã wɔadã siwo le ave me kple dzatavi le alẽhawo dome ene. Dzatavi si le yiyim la, enyea avuzi hevuvua nu eye ame aɖeke mate ŋu axɔ nu le esi o.


Yakob ƒe aƒe anye dzo, Yosef ƒe aƒe anye dzo ƒe aɖe eye Esau anye gbe ƒuƒu. Woatɔ dzoe eye wòabi keŋkeŋ. Ame aɖeke matsi agbe le Esau ƒe aƒe me o.” Yehowae gblɔe.


eya ta dukɔ alo fiaɖuƒe si agbe be yemasubɔ mi o la, atsrɔ̃, eye woagbãe gudugudu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite