Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Zekaria 1:16 - Agbenya La

16 “Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Matrɔ ɖe Yerusalem ŋu kple nublanuikpɔkpɔ. Le afi ma, woagbugbɔ nye xɔ la atu, eye woatsɔ nudzidzeka aɖo Yerusalem katã ŋuti.’ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Eyata ale Yehowa gblɔ esi. Makpɔ nublanui na Yerusalem agatrɔ ɖe eŋu, woatu nye xɔ ɖe eme, eye woada dzidzeka ɖe Yerusalem ŋu, Yehowa Zebaot ye gblɔe!

Gade chapit la Kopi




Zekaria 1:16
24 Referans Kwoze  

Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Matrɔ ayi Zion, eye manɔ Yerusalem, ekema woayɔ Yerusalem be Nyateƒedu, eye woayɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ƒe to la be, To Kɔkɔe.”


“Zerubabel ƒe asie ɖo gbedoxɔ sia ƒe gɔmeɖokpe anyi, eya ta eƒe asie awu enu. Ekema mianya be Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae dɔm ɖe mia gbɔ.


Esi ame la ɖo ta ɣedzeƒe lɔƒo, eye wòlé dzidzeti la ɖe asi la, edzidze mita alafa atɔ̃ (500), eye wòkplɔm to tɔsisi si me afɔkɔe bu ɖo la me.


Ekplɔm yi afi ma, eye mekpɔ ame aɖe si ƒe dzedzeme ɖi akɔbli. Etsi tsitre ɖe agboa nu. Elé dzidzeka kple nudzidzeti ɖe asi.


Ame kae dzidze eƒe kekeme kple didime? Ànyae godoo! Ame kae tsɔ dzidzeka ɖo eŋu?


Ale Yehowa de dzo Zerubabel, Sealtiel ƒe vi, ame si nye Yudatɔwo ƒe anyigbadziɖulagã kple Yosua, Yehozadak ƒe vi, nunɔlagã la kple ame mamlɛawo ƒe gbɔgbɔ me. Woƒo ƒu eye wodze Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, woƒe Mawu la ƒe gbedoxɔ tutu gɔme


“Teƒe la katã ƒe didime anye mita akpe asiekɛ. “Eye du la ƒe ŋkɔ tso ɣe ma ɣi dzi yina la anye, ‘Aƒetɔ Yehowa le afi ma.’ ”


Azu nɔƒe na adzexewo. Afi ma akpaviã kple xe bubuwo awɔ atɔ ɖo. Mawu atsɔ eƒe dzidzeka aɖo Edom ŋuti, eye wòada wo le gbegblẽ masɔmasɔ ƒe nudanu me.


Le ɣe ma ɣi la, àgblɔ be, “Makafu wò, O! Yehowa, togbɔ be èdo dɔmedzoe ɖe ŋunye tsã hã la, wò dɔmedzoe nu yi, eye nèfa akɔ nam.


Mawudɔla si zɔ va kpee la gblɔ nɛ be, “Ƒu du nàgblɔ na ɖekakpui sia be, ŋkeke li gbɔna esi amewo ayɔ Yerusalem ale gbegbe be womakpɔ nɔƒe na ame sia ame kple woƒe lãhawo o.


“Mado ŋusẽ Yuda ƒe aƒe, eye maɖe Yosef ƒe aƒe, magbugbɔ wo agaɖo te, elabena mekpɔ nublanui na wo. Woanɔ abe ɖe nyemegbe nu le wo gbɔ kpɔ o ene, elabena nyee nye Yehowa, woƒe Mawu la, eye matɔ na wo.


“Ale Yehowa gblɔe nye esi: “ ‘Kpɔ ɖa, magaɖo Yakob ƒe aƒe ƒe nu nyuiwo te eye makpɔ nublanui na eƒe nɔƒewo; woagbugbɔ du la atso ɖe gli gbagbãwo teƒe eye woatu fiasã la ɖe eƒe nɔƒe xoxoa.


Nye ŋutɔ manye dzo bibi ƒe gli aƒo xlã wo, eye manye eƒe ŋutikɔkɔe.” Yehowae gblɔe.


“ ‘Miva! Miva! Misi tso anyiehenyigba dzi,’ Yehowae gblɔe, elabena mekaka mi de dziƒowo ƒe ya eneawo katã dzi!” Yehowae gblɔe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite