Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Zekaria 1:10 - Agbenya La

10 Tete ame si tsi tsitre ɖe amitiawo dome la ɖe eme nam be, “Woawoe nye ame siwo Yehowa dɔ be woatsa le anyigba blibo la dzi.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Tete ŋutsu, si tɔ ɖe gbemitiawo domee la, xɔ edzi gblɔ bena: Woawo nye amesiwo Yehowa ɖɔ, be woaɖatsa le anyigba dzi.

Gade chapit la Kopi




Zekaria 1:10
13 Referans Kwoze  

Wova gblɔ na Yehowa ƒe dɔla, ame si nɔ tsitre ɖe amitiawo dome la be, “Míetsa le anyigba blibo la dzi, eye dzidzedze kple ŋutifafa le afi sia afi.”


Ekema nu kawoe mawudɔlawo nye? Wo katã nye gbɔgbɔ siwo subɔa Mawu, eye Mawu dɔa wo be woakpe ɖe ame siwo anyi ɖeɖekpɔkpɔ ƒe dome la ŋuti.


“Ame ka ado vlo ŋkeke si nuwo dze egɔme sue? Dzi adzɔ amewo, ne wokpɔ dzidzeka le Zerubabel ƒe asi me. Akaɖi adre siawoe nye Yehowa ƒe ŋku siwo wòtsɔna tsana le anyigba katã dzii.”


Mekpɔ ŋutega le zã me, eye le ŋutega la me la, mekpɔ ŋutsu aɖe wònɔ sɔ dzĩ aɖe dom. Sɔdola la tsi tsitre ɖe amitive aɖe me le bali aɖe me. Sɔ dzĩ, sɔ hẽ kple sɔ ɣi bubuwo nɔ emegbe.


Yehowa bia Satana be, “Afi ka nètso?” Satana ɖo eŋu na Yehowa be, “Metso tsatsa ge le anyigba dzi, menɔ yiyim nɔ gbɔgbɔm le edzi.”


“O yi, nyɔ, nàtso ɖe nye alẽkplɔla la ŋu, ɖe ame si tsɔ ɖe gbɔnye kpokploe la ŋu!” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. “Xlã nu ɖe alẽkplɔla la, alẽawo aka ahlẽ, eye matrɔ nye asi ɖe suetɔwo ŋu


Kasia nutunu gã si le kusi la nu la fɔ dzi, eye mekpɔ nyɔnu aɖe si nɔ anyi ɖe kusi la me!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite