Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Zefania 3:20 - Agbenya La

20 Ɣe ma yi la, maƒo mia nu ƒu; ɣe ma yi me la, makplɔ mi va aƒee. Matsɔ bubu kple kafukafu ana mi le anyigbadzidukɔwo katã dome, nenye be megbugbɔ mi ɖo te le miawo ŋutɔ ƒe ŋkuwo me.” Yehowae gblɔe.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Ma-kplɔ mi agbɔe ɣemaɣi, eye maƒo mia nu ƒu ɣemaɣi; elabena ne meɖo mi te miekpɔ kple ŋku la, matso mi awɔ bubu kple kafukafu le anyigba dzi ɖukɔwo katã ɖome; Yehowa ye gblɔe!

Gade chapit la Kopi




Zefania 3:20
32 Referans Kwoze  

Miake ɖe ŋunye, eye makplɔ mi agbɔe tso aboyo me. Maƒo mia nu ƒu tso dukɔwo katã me kple teƒe siwo katã menya mi ɖo ɖo, eye magakplɔ mi ava teƒe sia, afi si mekplɔ mi tsoe yi ɖe aboyo mee.” Yehowae gblɔe.


“Ale dukɔwo katã ayɔ mi be yayramewo elabena dzidzɔkpɔkpɔ deto axɔ aƒe ɖe mia me.” Esiawoe Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ.


mana ŋkuɖodzikpe kple ŋkɔ wo ɖe nye gbedoxɔ kple eƒe gliwo me, esi nyo wu viŋutsuwo kple vinyɔnuwo. Matsɔ ŋkɔ mavɔ si womate ŋu aɖe ɖa akpɔ gbeɖe o la na wo.


Le ɣe ma ɣi la, matu nu kple ame siwo katã te mi ɖe anyi la, makpe ɖe ataŋeŋetɔwo ŋu, eye maƒo ame siwo ka hlẽ la nu ƒu. Matsɔ kafukafu kple bubu ana wo le anyigba ɖe sia ɖe si dzi wodo ŋukpe wo le.


“Makplɔ Israel agbɔe tso aboyo me, woagbugbɔ woƒe du siwo zu aƒedo la atso, ahanɔ wo me, woade waingblewo, eye woafia aha ano le wo me. Woade agblewo eye woaɖu wo me kutsetsewo.


“Le ŋkeke mawo kple ɣe ma ɣi me ne megaɖo Yuda kple Yerusalem te la,


Madi nye alẽ bubuawo, eye makplɔ mɔtralawo agbɔe. Mabla abi na esiwo nu vevi wɔ, mado ŋusẽ esiwo gbɔdzɔ, ke mawu esiwo da ami kple esiwo nye lãmesẽtɔwo la. Makpɔ nye alẽawo dzi kple dzɔdzɔenyenye.


“Togbɔ be wogble wò ɖi helé fu wò, eye ame aɖeke meto mewò yi o hã la, matsɔ wò awɔ atsyɔ̃ mavɔ kple dzidzɔe na dzidzimewo katã.


Anye ame mamlɛ siwo susɔ na Yuda ƒe aƒe la tɔ, afi mae woakpɔ lãnyiƒe le. Le fiẽ me la, woamlɔ Askelontɔwo ƒe aƒewo me. Yehowa, woƒe Mawu la akpɔ wo ta, eye wòagaɖo wo te.


Ekema woanya be nyee nye Yehowa, woƒe Mawu, elabena togbɔ be meɖo wo ɖe aboyome ɖe dukɔwo dome hã la, maƒo wo nu ƒu, woava woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi, eye nyemagblẽ ɖeke ɖi o.


eye nàgblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Maɖe Israelviwo ɖa tso dukɔ siwo me woyi la me. Maƒo wo nu ƒu tso teƒeawo katã, eye makplɔ wo ava woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi.


“ ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Ne meƒo ƒu Israelviwo tso dukɔ siwo me wokaka wo ɖo me la, mafia ɖokuinye kɔkɔe le wo dome le dukɔwo ŋkume. Ale woanɔ woawo ŋutɔ ƒe anyigba si metsɔ na nye dɔla, Yakob la dzi.


Yehowa be, “Abe ale si dziƒo kple anyigba yeye siwo mewɔ la anɔ anyi tegbee le nye ŋkume ene la, nenema ke wò ŋkɔ kple wò dzidzimeviwo anɔ anyi tegbee.


Woadze si wo viwo le dukɔwo dome kple woƒe dzidzimeviwo le xexemetɔwo dome. Ame siwo akpɔ wo la ade dzesii be woawoe nye ame siwo Yehowa yra.”


woƒe mɔ dzi nedo viviti, ahanɔ ɖiɖim, eye Yehowa ƒe dɔla neti wo yome.


Eya ta gblɔ nya ɖi, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: O, nye amewo, mele miaƒe yɔdowo ʋu ge, eye maɖe mi tso wo me: magbugbɔ mi ava Israelnyigba dzi.


Woayɔ wo be, “Ame kɔkɔewo. Yehowa ƒe Ame siwo wòɖe.” Ke wò la, woayɔ wò be, “Ame si dim wole vevie,” eye woayɔ wò be, “Du si gbɔ womagagbe nu le o.”


“ ‘Ke magaɖo Sodom kple via nyɔnu ƒe dzɔgbenyui te, kpe ɖe Samaria kple via nyɔnuwo tɔ kple wò ŋutɔ tɔ hã ŋu,


eye migana gbɔdzɔe o, va se ɖe esime wòaɖo Yerusalem te, awɔe wòanye kafukafunu le anyigba dzi.


Aƒetɔ Yehowa, ame si ƒo Israel ƒe amewo nu ƒu la be, “Magaƒo ame bubuwo nu ƒu, akpe ɖe ame siwo ƒo ƒu xoxo la ŋu.”


Yehowa hã ʋu eme egbe be ànye yeƒe dukɔ abe ale si wòdo ŋugbe ene, eye wòbia tso asiwò be nàwɔ yeƒe sewo katã dzi.


Ne èwɔ alea la, awɔ wò dukɔ gã wu dukɔ bubu ɖe sia ɖe, eye wòana kafukafu, bubu kple ŋkɔxɔxɔ wò. Ke hafi bubu kple ŋkɔ sia naɖo ŋuwò la, ele be nànye dukɔ kɔkɔe na Yehowa, wò Mawu la abe ale si wòdi tso asiwò ene.”


Yehowa be, ‘Ŋkekewo li gbɔna, esi makplɔ nye dukɔwo Israel kple Yuda agbɔe tso aboyo me, eye magbugbɔ anyigba si metsɔ na wo fofowo be wòanye wo tɔ la na wo.’ ” Yehowa gblɔe.


Anyigba la dzi tɔwo katã aɖi wo, eye gbe si gbe woade bubu ŋutinye la, anye ŋkeke si dzi woaɖo ŋkui la na wo.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.


Makplɔ wo agbɔe be woava nɔ Yerusalem. Woanye nye amewo, eye manye woƒe Mawu le nyateƒe kple dzɔdzɔenyenye me.”


“Nye ŋutɔ maƒo nye alẽ mamlɛawo nu ƒu tso anyigba siwo katã dzi menya wo ɖo ɖo la dzi, eye makplɔ wo va wo nyiƒe, afi si woadzi ɖe edzi fũu le.


Ekema du sia atsɔ ŋkɔ gã, dzidzɔ, kafukafu kple bubu vɛ nam le anyigbadzidukɔ siwo katã se nu nyui siwo mewɔ na wo la dome; ŋɔdzi alé wo eye woadzo nyanyanya le nunyoname gbogbo kple ŋutifafa si mena wo la ta.’


“O Yakob, magaƒo mia nu ƒu. Maƒo Israel ƒe ame mamlɛawo nu ƒu godoo. Maƒo wo nu ƒu abe alẽwo ene ɖe lãkpɔ me eye woanɔ abe alẽha le gbeɖuƒe ene.


Mawɔ tekunɔwo woazu ame mamlɛawo, eye ame siwo wonya la nazu dukɔ sẽŋu aɖe. Yehowa aɖu fia ɖe wo dzi le Zion to dzi tso gbe ma gbe heyi tegbee.


Esi mienye ɖiŋudonu le dukɔwo dome ta la, O! Yuda kple Israel, maɖe mi, eye mianye yayra. Migavɔ̃ o, mido ŋusẽ miaƒe alɔwo.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite