Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Zefania 3:16 - Agbenya La

16 Gbe ma gbe la, woagblɔ na Yerusalem be, “Mègavɔ̃ o, O Zion, eye mègana wò alɔ nagbɔdzɔ o.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Ɣemaɣi la woagblɔ na Yerusalem be: Megavɔ̃ o; Zion, wò asi megaɖo agblɔ o!

Gade chapit la Kopi




Zefania 3:16
21 Referans Kwoze  

Eya ta mido ŋusẽ miaƒe abɔ siwo gbɔdzɔ kple miaƒe klo beliwo.


Migana míagbɔdzɔ le nu nyui wɔwɔ me o, elabena ne míegbɔdzɔ o la, míaŋe nu le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.


Èdze agbagba, eye nèto fukpekpe geɖe me le nye ŋkɔ la ta, gake nu meti kɔ na wò o.


Eya ta dzi megaɖe le mia ƒo ɖe nye fukpekpewo ta o, ke boŋ mitsɔe be enye bubudede mia ŋu.


Ale Yehowa ame si wɔ wò, ame si me wò ɖe vidzidɔ me, ame si akpe ɖe ŋuwò la gblɔe nye esi, Mègavɔ̃ o, O! Yakob, nye dɔla. Yerusalem, ame si metia,


eya ta mègavɔ̃ o, elabena meli kpli wò. Ŋɔ megadzi wò o, elabena nyee nye wò Mawu. Mali ke wò, eye makpe ɖe ŋuwò; matsɔ nye dzɔdzɔenyenye ƒe nuɖusibɔ alé wò ɖe te.


Wò ame si tsɔ du nyui vɛ na Zion, lia to kɔkɔ aɖe. Wò ame si tsɔ du nyui vɛ na Yerusalem, kɔ wò gbe dzi nàdo ɣli, kɔ gbe dzi, mègavɔ̃ o; gblɔ na Yuda ƒe duwo be, “Miaƒe Mawue nye esi!”


Esi ŋu ke la, ameha gã si va azã la ɖuƒe la se be Yesu le mɔ dzi gbɔna Yerusalem. Ame geɖe siwo va Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuƒe la hã see ale woyi be yewoaɖakpee.


“nenema azɔ, meɖoe kplikpaa be magawɔ nyui na Yerusalem kple Yuda, eya ta migavɔ̃ o.


“Mègavɔ̃ o, elabena wò mo matsi dãa o. Mègavɔ̃ na ŋukpeɖuɖu o, elabena womado vlo wò o. Àŋlɔ wò ɖetugbimeŋukpewo be, eye màgaɖo ŋku wò ahosinyenye ƒe vlododowo dzi o,


Bu ale si nèfia nu ame geɖewo kple ale si nèdo ŋusẽ asi beliwoe ŋuti.


Mawu ŋutɔ ƒe nublanuikpɔkpɔ mee wòtso be wòtsɔ subɔsubɔdɔ sia de asi na mí be ɖeɖi metea mía ŋu le ewɔwɔ me o.


Gbe ma gbe la, woagblɔ be, “Esiae nye míaƒe Mawu vavã la. Míeɖo ŋu ɖe eŋu, eye wòɖe mí. Eyae nye Yehowa si ŋu míeɖo ŋu ɖo. Mina míatso aseye, akpɔ dzidzɔ le eƒe ɖeɖe la ta.”


Nye dukɔ, mègavɔ̃ o; kpɔ dzidzɔ eye nàtso aseye azɔ elabena Yehowa wɔ nukunu gãwo na wò.


Esi mienye ɖiŋudonu le dukɔwo dome ta la, O! Yuda kple Israel, maɖe mi, eye mianye yayra. Migavɔ̃ o, mido ŋusẽ miaƒe alɔwo.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite