Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Zefania 3:1 - Agbenya La

1 “Baba na du si yɔ fũu kple ŋutasesẽ, aglãdzedze kple ɖiƒoƒo.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Baba na ɖu sẽto, si ƒo ɖi, eye wòsẽa ŋuta!

Gade chapit la Kopi




Zefania 3:1
17 Referans Kwoze  

Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Milã atiawo, eye miaƒu kpo ɖe Yerusalem ŋu. Ele be woahe to na du sia elabena eyɔ fũu kple ŋutasesẽ.


siwo nye aglãdzedze, nugbeɖoɖo ɖe Yehowa ŋu, megbetɔtrɔ̃ de míaƒe Mawu la, ameteteɖeto, tsitretsitsi ɖe ame ŋu kple alakpanya siwo míeɣla ɖe míaƒe dzi me la gbɔgblɔ.


Eya ta ale, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la gblɔe nye esi, “Esi miegbe gbedeasi sia heɖo ŋu ɖe ŋutasesẽ ŋu, eye mieku ɖe beble ŋuti ta la,


“Le ɣe ma ɣi me la, nye ʋɔnudɔdrɔ̃ kple tohehe atsɔ ŋutɔ. Manye ɖasefo zazɛ̃ aɖe ɖe nukalawo, ahasiwɔlawo, atam dzodzro kalawo, ame siwo baa woƒe dɔwɔviwo, ame siwo tea ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo ɖe to, ame siwo baa amedzrowo kple ame siwo mevɔ̃am o la ŋu.” Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.


Migate ahosiwo alo tsyɔ̃eviwo, amedzrowo alo ame dahewo ɖe anyi o. Migaɖo nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ɖe mia nɔewo ŋu o.’


Le mewò la, wodoa vlo fofo kple dada, le mewò la, wotea amedzrowo ɖe to, eye wosẽa ŋuta le tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ŋuti.


Ne agble dim wole la, woxɔnɛ sesẽtɔe; ne xɔ dim wole la, woxɔa eya hã kple akpasesẽ. Nenye be anyigba ɖeka alo xɔ ɖeka ma koe le amea si hã la, woxɔnɛ le esi. Ale mietea ŋu xɔa amea kple eƒe domenyinuwo siaa sesẽtɔe.


“Ke wò ŋku kple dzi ku ɖe viɖe ƒoɖi, ʋu maɖifɔ kɔkɔ ɖi, ameteteɖeto kple amebaba ko ŋuti.”


Israel ƒe aƒee nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ƒe waingble, eye Yuda ŋutsuwoe nye eƒe dzidzɔ ƒe wainka siwo wòdo. Ekpɔ mɔ na afia nyui tsotso, ke ʋukɔkɔɖi wòkpɔ; ekpɔ mɔ na nu dzɔdzɔe wɔwɔ, ke konyifavi koe ɖi.


Nunɔla la aɖe eƒe agbonu kple emenuwo, eye wòatsɔ wo aƒu gbe ɖe vɔsamlekpui la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo, afi si dzowɔ le la.


“Miɖo tom, mi Basan nyinɔ dami siwo le Samaria towo dzi, mi nyɔnu siwo baa hiãtɔwo, eye mietea ame dahewo ɖe to hegblɔna na mia srɔ̃wo be, midi aha vɛ míano!


Miɖe gbeƒã le Asdod kple Egipte fiasãwo me be, “Miƒo ƒu mia ɖokuiwo ɖe Samaria towo dzi, ne miakpɔ ʋunyaʋunya gã kple teteɖeanyi siwo le edzi yim le dukɔ la dome.”


he nu siawo va dziwò, elabena èdze dukɔwo yome, eye nèdo gu ɖokuiwò kple woƒe legbawo.


Anyigba la dzi nɔlawo baa ame, eye wodaa adzo; wotea ame dahewo kple hiãtɔwo ɖe anyi, wowɔa nu madzɔmadzɔwo ɖe amedzrowo ŋu, eye womedrɔ̃a nya dzɔdzɔe na wo o.


Ke dukɔ sia la, dzi sesẽ, dzeaglãe li na wo. Wodze ɖe aga, eye wotra mɔ.’


Woƒe yiyiɖɔ menyo na avɔ o. Womate ŋu atsyɔ nu si wowɔ la o. Woƒe dɔwɔwɔwo nye dɔwɔwɔ vɔ̃ɖiwo, eye nu baɖa wɔwɔ le woƒe asiwo me.


Abe ale si vudo dzia tsii ene la, nenema eƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi le dzidzimii. Nu vlo wɔwɔ kple ŋutasesẽ bɔ ɖe eme. Eƒe dɔléle kple abiwo le nye ŋkume ɖaa.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite