Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Zefania 2:13 - Agbenya La

13 Nenema kee nye anyiehetɔwo hã; atsrɔ̃ Asiria kple eƒe toxɔdu Ninive xɔŋkɔ la gbidigbidi, eye wòanɔ abe dzogbe ene.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Ado eƒe asi ɖa ɖe anyiehe ŋu, eye wòatsrɔ̃ Asur, ana Niniwe nazu gbegbe, eye wòaƒu kplakplakpla abe tagba ene.

Gade chapit la Kopi




Zefania 2:13
19 Referans Kwoze  

Ame siwo katã akpɔ wò la, dzidzi aƒo wo, eye woagbugbɔ ɖe megbe agblɔ be, ‘Ninive gbã gudugudu, ame ka afa nɛ?’ Afi ka makpɔ ame aɖe le wòafa akɔ na wò?”


Esiae nye nyagblɔɖi si Mawu ɖe fia Nyagblɔɖila Nahum, Elkositɔ, le ŋutega me tso nu si ava dzɔ ɖe Ninive dzi la ŋu, eye wòŋlɔe ɖe agbalẽ sia me.


Eya ta Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, adɔ dɔléle vɔ̃ɖi aɖe ɖa wòava atsrɔ̃ wò aʋakɔwo katã, eye dzo abi le eƒe amegãwo dome abe ale si dzo binae ene.


Ne Yehowa wu nu siwo katã wòɖo be yeawɔ kple Zion to la kple Yerusalem nu vɔ la, ekema agblɔ be, “Mahe to na Asiria fia le eƒe dada kple ɖokuikpɔkpɔ gãe ta.


Esi nèle nu siawo wɔm la dzo ava fia wò; yi alã wò aƒu anyi, eye woaɖu wò abe ale si ʋetsuvi ɖua nui ene. Midzi ɖe edzi abe ʋetsuviwo ene, misɔ gbɔ ɖe edzi abe ʋetsuviwo ene.


Woaɖu Asiria dzi kple yi, eye woato eƒe agbowo me age ɖe Nimrɔd ƒe anyigba dzi. Aɖe mí tso Asiria ƒe asime nenye be wòho aʋa va dze míaƒe anyigba dzi be yeaɖo afɔ míaƒe liƒowo dzi.


Gbe ma gbe la, Yehowa ado eƒe asi ɖa akplɔ aboyomewo tso Asiria, Dzigbe Egipte, Anyigbe Egipte, Kus, Elam, Babilonia, Hamat siwo susɔ la agbɔe zi evelia.


“Baba na Asiria, nye dɔmedzoe ƒe ameƒoti; ame si ƒe asi me metsɔ nye dɔmedzoe ƒe asi dee.


Esia nye ɖoɖo si mewɔ ɖe xexea me katã ŋu, nye asi si mekɔ ɖe dukɔwo katã dzi,


Ale Asiria fia, Senakerib kaka asaɖa la, eye wòho dzo. Etrɔ yi Ninive, eye wònɔ afi ma.


“Hazor azu nɔƒe na amegaxiwo eye wòazu aƒedo tegbetegbe. Ame aɖeke manɔ afi ma o; aƒe aɖeke manɔ eme o.”


“Yi ɖe Ninive, du gã la me, eye nàgblɔ nya ɖi ɖe wo ŋu, elabena woƒe ŋutasẽse va ɖo gbɔnye.”


“Yi ɖe Ninive, du gã ma me, eye nàɖe gbeƒã nya siwo megblɔ na wò la na wo.”


“Mado nye asi ɖe Yuda kple ame siwo katã le Yerusalem la gbɔ. Maɖe nu siwo katã susɔ na Baal la ɖa le teƒe sia; maɖe trɔ̃nuawo kple nunɔla siwo gasubɔa trɔ̃ hã ƒe ŋkɔwo ɖa,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite