Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Zefania 1:8 - Agbenya La

8 “Le Yehowa ƒe vɔsagbea la, mahe to na Yuda ƒe dumegãwo kple fiaviŋutsuwo, kpakple ame siwo ta dutatɔwo ƒe avɔwo.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eye wòava me le Yehowa ƒe vɔsagbe be, mahe to na amegãwo kple fiaviwo kpakple amesiwo katã taa dutatɔwo ƒe avɔwo la.

Gade chapit la Kopi




Zefania 1:8
15 Referans Kwoze  

Le ŋkeke ma dzi la, Yehowa ahe to na ŋusẽ siwo le dziƒonutowo me kple fia siwo le anyigba dzi.


Wò dzidzimevi aɖewo kple vi siwo wodzi na wò ŋutɔ hã, woakplɔ wo adzoe, eye woazu ŋutsu tata siwo anye aƒedzikpɔlawo le Babilonia fia ƒe fiasã me.”


Ne Yehowa wu nu siwo katã wòɖo be yeawɔ kple Zion to la kple Yerusalem nu vɔ la, ekema agblɔ be, “Mahe to na Asiria fia le eƒe dada kple ɖokuikpɔkpɔ gãe ta.


Yehu gblɔ na ame si kpɔa awu kɔkɔeawo dzi la be, “Kpɔ egbɔ be èhe awu kɔkɔeawo ɖe go na Baal nunɔlawo.” Ale wòhe awuawo ɖe go na wo.


“Nyɔnu mekpɔ mɔ ado ŋutsuwu o. Nenema ke ŋutsu hã mekpɔ mɔ ado nyɔnuwu o. Nu sia wɔwɔ nye ŋunyɔnu na Yehowa, wò Mawu la.


Ègbe nu le wò amewo, Yakob ƒe aƒe gbɔ, elabena woyɔ fũu kple ɣedzeƒetɔwo ƒe subɔsubɔwo. Wokaa afã abe Filistitɔwo ene, eye wokpea asi ɖe trɔ̃subɔlawo ŋu le woƒe subɔsubɔwo me.


Woɖua fewu le fiawo kple dumegãwo ŋuti eye woɖea alɔme le woƒe mɔ sesẽwo ŋuti. Ɖeko woƒua kpo ɖe woƒe gli sesẽwo ŋuti eye woxɔa dua!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite