Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Zefania 1:18 - Agbenya La

18 Le Yehowa ƒe dɔmedzoeŋkeke sia dzi la, woƒe klosalo alo sika mate ŋu aɖe wo o.” Yehowa ƒe ŋuʋaʋã ƒe dzo afia xexea me katã, elabena atsrɔ̃ ame siwo katã le anyigba dzi la kpata.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Woƒe klosalo kple sika hã mate ŋu aɖe wo le Yehowa ƒe dɔmedzoedogbe o, eye eƒe ŋuʋa-ʋã ƒe dzo afiã anyigba blibo la; elabena ele anyigbadzitɔwo katã tsrɔ̃ ge zi ɖeka.

Gade chapit la Kopi




Zefania 1:18
40 Referans Kwoze  

eya ta mikpɔ nye asi nu,” Yehowae gblɔe, “elabena ŋkeke li gbɔna, matsi tsitre aɖi ɖase. Meɖoe be maƒo dukɔwo katã kple fiaɖuƒewo nu ƒu, eye makɔ nye dɔmedzoe kple nye dziku helĩhelĩ ɖe wo dzi. Ale nye ŋuʋaʋã ƒe dzo afia anyigba la katã.


“ ‘Woatsɔ woƒe klosalo aƒu gbe ɖe ablɔwo dzi, eye woƒe sika azu nu makɔmakɔ. Woƒe klosalo kple sika mate ŋu aɖe wo le Yehowa ƒe dɔmedzoedogbe la o. Womatsɔe atsi woƒe dɔwuame nu o, eye womatsɔe aɖi ƒoe na wo o, elabena ena wodze nu vɔ̃ me.


Kesinɔnu nye nu dzodzro le dzikudogbe, ke dzɔdzɔenyenye ɖea ame tso ku me.


Viɖe ka wòanye na mi nenye be xexea me katã zu mia tɔ, gake agbe mavɔ la bu ɖe mi? Nu kae le xexe sia me si asɔ kple agbe mavɔ?


Tete Yehowa gblɔ be, “Matsrɔ̃ amegbetɔƒome blibo si mewɔ la ɖa le anyigba dzi. Ɛ̃, matsrɔ̃ lãwo, xewo kple nu gbagbe siwo tana la hã, elabena evem be mewɔ wo.”


Anye ŋkeke si dzi woatrɔ Mawu ƒe dɔmedzoe akɔ ɖe anyi; anye hiãgbe kple xaxagbe, anye dzɔgbevɔ̃e kple tsɔtsrɔ̃gbe. Ŋkeke sia anye blukɔ kple vivitidogbe, afu kple tsizidogbe,


Mifa avi, mi ame siwo le asiɖoƒe ƒe nutowo me, miaƒe asitsalawo katã atsrɔ̃, eye ame siwo katã dzraa klosalonuwo la hã atsrɔ̃.


Mana nyɔnu ahasitɔwo kple esiwo kɔa ʋu ɖi la ƒe tohehe nava dziwò. Mana nye dziku ƒe hlɔ̃biabia ɖe ʋu ta kple nye ŋuʋaʋã ƒe dɔmedzoe nava dziwò.


“Mawɔ Yerusalem wòazu glikpo gbagbã si woli kɔe kple nɔƒe na amegaxiwo, eye mawɔ Yuda duwo woazu aƒedo ale be ame aɖeke manɔ wo me o.”


“Eya ta, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Woatrɔ nye dziku kple dɔmedzoe helĩhelĩ akɔ ɖe teƒe sia dzi, ɖe amewo kple lãwo siaa dzi, ɖe atiwo kple gbewo kple atikutsetse siwo le anyigba dzi la dzi woabi dzo eye womatsi o.’


Eya ta ale Aƒetɔ, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Ŋusẽtɔ la gblɔe nye esi. “O! Makpɔ gbɔɖeme tso nye ketɔwo ƒe asi me, eye mabia hlɔ̃ nye futɔwo.


Wotsɔ woƒe nuxeƒewo do dɔmedzoe nɛ, eye woƒe legbawo na ŋuʋaʋã tso le eya amea me.


Le Rehoboam ƒe fiaɖuɣi la, Yudatɔwo wɔ nu vɔ̃ abe Israelviwo ke ene eye wotsɔ woƒe nu vɔ̃ wɔwɔ do dɔmedzoe na Yehowa elabena woawo ƒe nu vɔ̃wo wu wo fofowo tɔ gɔ̃ hã.


Ekema nye dɔmedzoe abi ɖe wo ŋu, maɖe asi le wo ŋu, maɣla nye ŋkume ɖe wo, eye matsrɔ̃ wo. Nya sesẽ, dziŋɔwo adzɔ ɖe wo dzi, eye woagblɔ be, ‘Mawu megale mía dome o!’


Kesinɔtɔwo ƒe kesinɔnuwo nye woƒe du sesẽ eye wobuna be wonye gli kɔkɔ si ame aɖeke mate ŋu aflɔ o.


O! Yehowa, va se ɖe ɣe ka ɣi? Ɖe nàdo dɔmedzoe tegbeea? Va se ɖe ɣe ka ɣi wò ŋuʋaʋã abi abe dzo ene?


woɖea ame vɔ̃ɖi le dzɔgbevɔ̃egbe, eye woɖenɛ le dzikugbe oa?


Nu ka? Ɖe miedi be yewoado dɔmedzoe na Aƒetɔa? Ɖe miebu be miesesẽ wuia?


Mana aseyetsotso, dzidzɔhawo, ɣlidodo ɖe ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃ ŋu natɔ te le Yuda duwo me kple Yerusalem ƒe ablɔwo dzi, elabena anyigba la azu gbegbe.


“Aƒetɔ Yehowa gblɔ be, “ ‘Dzɔgbevɔ̃e! Dzɔgbevɔ̃e si tɔgbi ƒe nya womese kpɔ o la! Kpɔ ɖa, eva ɖo.


Ŋutasesẽ tsi zu ameƒoti hena tohehe na ame vɔ̃ɖiwo. Womagblẽ ame aɖeke ɖi o; womagblẽ ameha ma me nɔla aɖeke, kesinɔnu aɖeke alo nu xɔasi aɖeke ɖi o.


Matrɔ nye ŋuʋaʋã ƒe dɔmedzoe ɖe ŋuwò, eye woatu nu kpli wò kple dɔmedzoe. Woakpa ŋɔti kple towo na wò, eye mia dometɔ siwo atsi anyi la, atsi yinu. Woakplɔ viwò ŋutsuwo kple viwò nyɔnuwo adzoe, eye dzo afia mi ame siwo asusɔ.


hafi ɣeyiɣi si woɖo ɖi la naɖo, eye ŋkeke ma nava gbɔ mi abe atsa ene, hafi Yehowa ƒe dziku dziŋɔ la nava dziwò, hafi Yehowa ƒe dɔmedzoeŋkeke la nava dziwò.


Anye ne mele dziɖula siwo si sika le eye woƒe aƒewo me yɔ fũu kple klosalo la gbɔ.


Nu ka miawɔ le akɔntanagbe la esi gbegblẽ atso adzɔge ava? Ame ka gbɔ miasi ayi wòana kpekpeɖeŋu mi? Afi ka miagble miaƒe kesinɔnuwo ɖo?


Israel ƒe Kekeli azu dzo, eƒe Kɔkɔetɔ la anɔ abe dzo bibi ene, eye le ŋkeke ɖeka dzi la, abi afia ŋuwo kple aŋɔkawo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite