Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Zefania 1:13 - Agbenya La

13 Woava ha woƒe kesinɔnu gbogboawo adzoe, woagbã woƒe aƒewo, woatso aƒewo, ke womanɔ wo me o, woade waingblewo, ke womano wain tso wo me o.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Woaha woƒe ke-sinɔnuwo, eye woƒe aƒewo azu aƒedo; woatu xɔ, ke womanɔ eme o, eye woade weingble, ke womano eƒe wein o.

Gade chapit la Kopi




Zefania 1:13
24 Referans Kwoze  

Esi miefanya ame dahewo kple afɔ, eye mieba wo le blidzɔxɔxɔ me ta la, mianɔ kpexɔ nyui siwo tum miele la me alo ano wain tso waingble siwo dem miele la me o.


Àƒã nu, ke màŋe nu o; àɖa ami, gake màkpɔ ami asi o; àfia waintsetse, ke màkpɔ wain ano o.


“Ŋutsu bubu sãa aɖe nyɔnu si ta nèbia, ame bubu sãa anɔ aƒe si nètso la me, eye ame bubu sãa aɖu waingble si nède la me kutsetsewo.


Mana wo katã nazu afunyinu na amedzrowo kple nuhaha na ŋutaselã siwo le anyigba dzi, eye woagblẽ kɔ ɖo na wo.


“Wò nu xɔasiwo kple wò kesinɔnuwo la, matsɔ wo ana abe nuhaha ene femaxee le wò nu vɔ̃ siwo nèwɔ le wò dukɔ me godoo la ta.


Wose aviɣli le Zion. ‘Aleke wohetsrɔ̃ mí ale! Aleke míaƒe ŋukpe lolo ale! Ele be míadzo le míaƒe anyigba dzi, elabena míaƒe aƒewo zu aƒedo!’ ”


Àde waingblewo, eye nàwɔ dɔ le wo me kple vevidodo nu, ke màɖu woƒe tsetseawo o, eye màno wain si woafia tso wo me hã o, elabena ŋɔ aɖu wo.


Le ŋkeke ma dzi la, mahe to na ame siwo katã tia kpo flɔa kpui siwo le trɔ̃xɔwo nu, eye woyɔa woƒe trɔ̃xɔwo me kple ŋutasesẽ kple beble.”


Miawo ta woaŋlɔ Zion abe agble ene, Yerusalem azu glikpo gã ɖeka eye to si dzi gbedoxɔ le la azu togbɛ si zu ave.


Eya ta matrɔ nye dziku akɔ ɖe wo dzi, mabi wo kple nye dɔmedzoe, eye mahe nu siwo katã wowɔ la va da ɖe woƒe ta dzi. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”


“ ‘Woatsɔ woƒe klosalo aƒu gbe ɖe ablɔwo dzi, eye woƒe sika azu nu makɔmakɔ. Woƒe klosalo kple sika mate ŋu aɖe wo le Yehowa ƒe dɔmedzoedogbe la o. Womatsɔe atsi woƒe dɔwuame nu o, eye womatsɔe aɖi ƒoe na wo o, elabena ena wodze nu vɔ̃ me.


“Mawɔ Yerusalem wòazu glikpo gbagbã si woli kɔe kple nɔƒe na amegaxiwo, eye mawɔ Yuda duwo woazu aƒedo ale be ame aɖeke manɔ wo me o.”


Woava ɖu wò agblemenukuwo kple wò nuɖuɖu, woaɖu viwò ŋutsuwo kple viwò nyɔnuwo. Woaɖu wò alẽhawo kple nyihawo, eye woaɖu wò waintsetsewo kple gbotiwo. Woatsɔ yi agblẽ wò du sesẽ siwo ŋu nèle ŋu ɖom ɖo.”


Gbegblẽ kplɔ gbegblẽ ɖo eye anyigba blibo la zu aƒedo. Enumake wogbã nye agbadɔwo eye le aɖabaƒoƒo ɖeka me wogbã nye aƒe.


“Dzata aɖe do tso eƒe do me, dukɔwo gblẽla aɖe tso dze mɔ. Etso le enɔƒe be wòava wɔ miaƒe anyigba wòazu gbegbe, ne wòawɔ miaƒe duwo woazu aƒedowo eye amewo manɔ wo me o.


Eye megblɔ bena “Va se ɖe ɣe ka ɣi, O! Aƒetɔ?” Eɖo ŋu be, “Va se ɖe esime duwo katã zu aƒedo, eye ame aɖeke megale wo me o. Va se ɖe esime aƒewo katã naɖi gbɔlo, eye anyigba la katã nazu gbegbe.


Woaɖu nu le wò aƒe me va se ɖe esime wò nyiwo, agblemenukuwo, bli, wain yeye, ami, nyiviwo kple alẽviwo navɔ keŋkeŋ.


Matsɔ nye to si le anyigba dzi, miaƒe nu xɔasiwo kple miaƒe kesinɔnuwo katã ana woaha hekpe ɖe miaƒe nuxeƒewo ŋuti le nu vɔ̃ si miewɔ le miaƒe anyigba blibo la dzi la ta.


Wotsɔ míaƒe domenyinu, na amedzrowo eye wotsɔ míaƒe aƒewo na du bubu me tɔwo.


Makplɔ dukɔ vɔ̃ɖitɔwo vɛ be woava xɔ woƒe aƒewo, matsi ŋusẽtɔwo ƒe dada nu, eye woagblẽ kɔ ɖo na woƒe Kɔkɔeƒewo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite