Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Zefania 1:11 - Agbenya La

11 Mifa avi, mi ame siwo le asiɖoƒe ƒe nutowo me, miaƒe asitsalawo katã atsrɔ̃, eye ame siwo katã dzraa klosalonuwo la hã atsrɔ̃.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Mi ʋe me nɔ-lawo, mifa avi, elabena woatsrɔ̃ asitsalawo katã kple amesiwo do klosalogba ɖe ta.

Gade chapit la Kopi




Zefania 1:11
16 Referans Kwoze  

Azɔ la, mi kesinɔtɔwo, miɖo to nyuie, mido ɣli, eye mifa avi le fukpekpe si gbɔna mia dzi va ge la ta.


Do ɣli eye nàfa avi, Ame vi, elabena egbɔna dzɔdzɔ ge ɖe nye amewo dzi, ɖe Israel ƒe dziɖulawo katã dzi. Woda wo kple nye amewo ɖe yinu, eya ta ƒo wò akɔta.


Mi alẽkplɔlawo, mifa avi, mido ɣli, mimli le ke me, mi alẽha ƒe kplɔlawo. Elabena miaƒe ɣeyiɣi de, be woawu mi, miadze anyi agbã gudugudu abe tɔmedeze ene.


Egblɔ na ame siwo nɔ akpakpawo dzram la be, “Mitsɔ nu siawo do goe le afi sia! Migatsɔ Fofonye ƒe aƒe la wɔ asimee o!”


O mi nunɔlawo, mita akpanya eye mixa nu. Mifa avi, mi ame siwo subɔna le vɔsamlekpui la ŋgɔ, mitsi ŋu dɔ miafa avi zã blibo la katã, mi ame siwo subɔna le nye Mawu ŋkume. Elabena womagatsɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa va miaƒe Mawu la ƒe aƒe me o.


Minyɔ, mi ahanomunɔwo, ne miafa avi hehehe, mi waintsunolawo, mifa avi, elabena woɖe wain le miaƒe nu me, eye miagakpɔ wain yeye ano o!


Elabena ne wosi le gbegblẽ nu la, Egipte aƒo wo nu ƒu, eye Memfis aɖi wo. Woƒe klosalonu veviwo alé ɣebia, eye aŋɔka avu atsyɔ woƒe agbadɔwo dzi.


Eya ta mita akpanya, mifa konyi eye mifa avi sesĩe, elabena Yehowa ƒe dziku sesẽ la medzo le mía dzi o.”


Togbɔ be eli kɔ klosalo abe ke ene, wòdo agba avɔ wòkɔ abe to ene hã la,


ame dzɔdzɔewo ado nu siwo wòli kɔe eye ame maɖifɔwo ama eƒe klosalo.


Baba na mi Keretitɔwo, mi ame siwo le ƒuta; O Kanaan, Filistitɔwo ƒe anyigba, Yehowa tsɔ nya ɖe mia ŋu be, “Matsrɔ̃ mi keŋkeŋkeŋ, eye ame aɖeke masusɔ o.”


Nuɖaze ɖe sia ɖe si le Yerusalem kple Yuda la anɔ kɔkɔe na Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, eye ame siwo katã va vɔsaƒe la atsɔ nuɖaze aɖewo aɖa nu le wo me, eye gbe ma gbe la, Kanaantɔ aɖeke maganɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe gbedoxɔ me o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite