Medo dziku ɖe nye amewo ŋuti, eye medo gu nye domenyinu. Metsɔ wo de asi na wò, eye mekpɔ nublanui na wo o. Ètsɔ kɔkuti kpekpe da ɖe ametsitsi belibeliwo gɔ̃ hã dzi.
Ale Samuel gblɔ nya sia nya si Yehowa gblɔ nɛ la na Eli eye Eli ɖo eŋu be, “Yehowa ƒe lɔlɔ̃nue; eya ŋutɔ nena nu si tututu wòkpɔ be eyae nye nyuitɔ la nava eme.”
Etrɔ va Sukɔt eye wògblɔ na wo be, “Mieɖu fewu le ŋunye be, nye asi masu Fia Zeba kple Fia Zalmuna dzi akpɔakpɔ o eye miegbe, miena nuɖuɖu mí o, le esime ɖeɖi te mía ŋu eye dɔ nɔ mía wum. Kpɔ ɖa, fia eveawoe nye esiawo.”
Ale fiasãmenyawo dzi kpɔla, dumegãwo, kplɔlawo kple Ahab ƒe viwo dzi kpɔla ɖo du ɖe Yehu be, “Fia Yehu, wò subɔlawo míenye. Míele klalo be míawɔ nu sia nu si nàɖo na mí. Míeɖo be wò boŋ nànye míaƒe fia ɖe Ahab ƒe viwo teƒe.”