Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 8:2 - Agbenya La

2 Miatsrɔ̃ wo abe ale si mietsrɔ̃ Yeriko kple woƒe fia ene. Ke azɔ ya la, miate ŋu atsɔ woƒe nuwo kple woƒe nyi siwo mieha la woazu mia tɔ. Na ameawo nade xa ɖe dua godo.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 eye wɔ Ai kple eme ba, abe alesi nèwɔ Yerixo kple eme fia ene; ke miekpɔ mɔ aha aboyonuawo kple lãwo na mia ɖokui. Eye na woade xa ɖe du la ŋu ɣetoɖoƒe gome.

Gade chapit la Kopi




Yosua 8:2
27 Referans Kwoze  

ke àte ŋu agblẽ nyɔnuwo, ɖeviwo, lãwo kple afunyinuwo katã ɖi na mia ɖokuiwo.


Ame nyui gblẽa domenyinu ɖi na via ƒe viwo, ke woɖoa ame vɔ̃ɖi ƒe kesinɔnuwo ɖi na ame dzɔdzɔewo.


Esi wode asi kafukafuha la dzidzime ko la, Yehowa na Amon ƒe viwo kple Moab ƒe viwo kple Seir ƒe to la ƒe aʋakɔwo de asi aʋawɔwɔ me kple wo nɔewo eye wowu wo ŋutɔwo ƒe amewo!


Wotsrɔ̃ nu sia nu le dua me, ŋutsuwo kple nyɔnuwo, ɖeviwo kple ame tsitsiwo, nyiwo, alẽwo kple tedziwo. Wotsrɔ̃ nu sia nu keŋkeŋkeŋ.


Mikɔ aflaga dzi ɖe Babilonia ƒe gliwo ŋu! Miyɔ dzɔla bubuwo vɛ va kpe esiwo li xoxo, miɖo gbetakpɔlawo wo nɔƒe, eye mina amewo nade xa ɖi na wo. Yehowa awɔ ɖe nu si wòɖo la dzi, awɔ nu siwo wògblɔ ɖi ɖe Babiloniatɔwo ŋuti la dzi.


Abe ale si koklo ƒoa azi si menye etɔ o ene la, nenemae wòanɔ na ame si ƒo kesinɔnuwo nu ƒu to mɔ fitifitiwo dzi. Kesinɔnuawo avɔ le esi le eƒe agbe me, eye le nuwuwu la, aɖee afia be yenye bometsila.


Woayra ŋutsu nuteƒewɔla fũu, ke womagbe tohehe na ame si tsi dzi ɖe kesinɔnuwo kpɔkpɔ ŋuti o.


“Amegbetɔ le yiyim, le gbɔgbɔm, ke vɔvɔli ko wònye. Ele agbagba dzem, gake wo katã nye nu dzodzro Eli kɔ kesinɔnuwo gleglegle, gake menya ame si ƒe asi me woayi ɖo o.


Azɔ la, Yeroboam ɖo asrafowo ɖe Israel ƒe asrafowo megbe, ale be esime wònɔ Yuda ŋgɔ la, asrafo siwo de xa ɖi la nɔ Yuda megbe.


Gbe ma gbe ke la, Yosua tsrɔ̃ Makeda du la, eye wòwu fia la kple ame sia ame si nɔ dua me; womena ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã tsi agbe le du blibo la me o.


Esi Adoni Zedek, Yerusalem fia se ale si Yosua xɔ Ai du, tsrɔ̃e gbidigbidi, eye wòwu Ai fia kple ale si wòwɔ Ai fia kple Yeriko fia kpakple ale si Gibeontɔwo wɔ nubabla kple Israelviwo, eye wozu Israel dzi nɔlawo la,


Esi Israelviwo wu Aitɔ siwo nɔ dua godo vɔ la, wotrɔ yi dua me, eye wowu ame siwo katã ganɔ dua me.


Esi xadelawo kpɔ Yosua ƒe dzesia ko la, wolũ ɖe dua dzi, ge ɖe eme eye wotɔ dzoe.


Ai fia kpɔ Israelviwo ɖa le balime la godo, eye wòkpe aʋa kpli wo le Araba gbedzi ŋdi kanya, ke menya be futɔwo de xa ɖe dua godo o.


Eɣla ame abe akpe atɔ̃ ene ɖe dua ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo, le Betel kple Ai dome.


Ale wodze mɔ zã ma me yi ɖade xa ɖe Betel kple Ai ƒe ɣetoɖoƒe gome, le esime Yosua kple aʋawɔla bubuawo tsi asaɖa la me le Yeriko.


Ekema miado tso afi si miede xa ɖo, age ɖe dua me, elabena Yehowa miaƒe Mawu atsɔe na mí.


Ke Yehowa gblɔ nam be, “Mègavɔ̃e o, elabena matsɔ eya ŋutɔ kple eƒe aʋakɔ blibo la kpakple eƒe anyigba blibo la ade asi na wò; eye nawɔe abe ale si nèwɔ Fia Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia, le Hesbon ene.”


Ale Yosua dzra ɖo hena aʋahoho ɖe Ai ŋu kple eƒe aʋawɔlawo katã. Etia eƒe asrafo nyuitɔwo akpe blaetɔ̃ ɖo ɖa le zã me;


Mitɔ dzo dua abe ale si Yehowa ɖo na mí ene. Esiawoe nye nye ɖoɖowo na mi.”


negbe woƒe nyiwo ko. Míetsɔ woƒe nyiwo abe míaƒe fetu ene kpe ɖe afunyinu siwo míelɔ tso woƒe du siwo míexɔ me la ŋu.


Ke Gibeontɔwo, ame siwo nye Hivitɔwo la se nu si Yosua wɔ Yeriko kple Ai.


Israelviwo ha du siwo wotsrɔ̃ la ƒe nuwo kple lãwo na wo ɖokuiwo, ke wowu amegbetɔwo katã,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite