Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 7:9 - Agbenya La

9 Ne Kanaantɔwo kple dukɔ bubu siwo le nuto sia me ase nya sia la, woaɖe to ɖe mí, akpe aʋa kpli mí, eye woatsrɔ̃ míaƒe ŋkɔ keŋkeŋ. Ekema nya kae adzɔ ɖe bubu kple ŋkɔ gã si le asiwò la dzi?”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Eye ne Kanaanitɔwo kple anyigbadzitɔwo katã see la, ekema woava kpe ta ɖe mía ŋu, eye woatsrɔ̃ míaƒe ŋkɔ ɖa le anyigba dzi; emegbe ɖe, aleke nawɔ ɖe wò ŋkɔ gã la ta?

Gade chapit la Kopi




Yosua 7:9
19 Referans Kwoze  

Ɖe nèdi be Egiptetɔwo nagblɔ be, ‘Mawu ble wo be woava toawo dzi ale be yeate ŋu awu wo, atsrɔ̃ wo ɖa le anyigba dzi keŋkeŋ’ mahã? Ɖe asi le wò dɔmedzoe sesẽ la ŋu. Trɔ wò susu, eye mègahe dzɔgbevɔ̃e va wò amewo dzi o.


Wogblɔ be, “Miva, míatsrɔ̃ wo, be womaganye dukɔ o, eye womagaɖo ŋku Israel ƒe ŋkɔ dzi akpɔ gbeɖe o.”


Fofo, kɔ wò ŋkɔ ŋu.” Esi Yesu wu nya siawo nu la, gbe aɖe ɖi tso dziƒo be, “Mekɔ eŋuti xoxo, eye magakɔ eŋuti.”


Nunɔla siwo subɔna le Yehowa ŋkume la netsi tsitre ɖe ameawo kple vɔsamlekpui la dome, afa avi ado gbe ɖa be, “Yehowa, kpɔ nublanui na wò dukɔ; mègana wò domenyinu nazu fewuɖunu kple ŋukpenanu le dukɔwo dome o. Nu ka ta dukɔwo anɔ gbɔgblɔm be, ‘Afi ka woƒe Mawu la le?’ ”


Ke le nye ŋkɔ ta, mekplɔ wo do goe tso Egipte dukɔ la me. Mewɔ nu sia be womagado gu nye ŋkɔ le dukɔ siwo dome wonɔ, ame siwo dome meɖe ɖokuinye fia Israel le.


Ne menye nenema o la, dukɔ si me nèkplɔ mí do go tso la agblɔ be, ‘Esi Yehowa mete ŋu kplɔ wo yi anyigba si ƒe ŋugbe wòdo na wo dzi o, eye esi wòlé fu wo ta la, ekplɔ wo do goe be yeawu wo le gbedzi.’


Mose ƒo koko na Yehowa be, “Ke nu ka Egiptetɔwo abu ne wose nya sia? Wonya ŋusẽ si nèɖe fia le wò amewo ɖeɖe me la nyuie.


Oo, Yehowa, nu ka mawɔ azɔ esi Israel si le eƒe futɔwo nu?


Yehowa gblɔ na Yosua be, “Tsi tsitre! Nu ka ta nèmlɔ anyigba ale?


Yehowa magblẽ eƒe ame tiatiawo ɖi o elabena ne ewɔ nenema la, aklo bubu le eya ŋutɔ ƒe ŋkɔ gã la ŋu. Ewɔ mi mienye dukɔ tɔxɛ nɛ le ale si wòdi be yeawɔ mi nenema ko la ta!


O! Mawu, wò kafukafu de keke anyigba la ƒe mlɔenu ke abe wò ŋkɔ ene. Wò nuɖusi ɖua fia le dzɔdzɔenyenye me.


O! Mawu, mía Ɖela, kpe ɖe mía ŋu le wò ŋkɔ ƒe bubu ta. Ɖe mí, eye nàtsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí le wò ŋkɔ la ta.


Wotsɔ tameɖoɖo ɖeka de adaŋu, eye wobla ɖe ŋuwò,


Menye míawoe o, o Yehowa, menye míawoe o, ke boŋ ŋutikɔkɔe la nye wò ŋkɔ tɔ, le wò lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ ta.


Ekema nye futɔ akpɔe eye ŋu akpee. Eya ame si bia be, “Afi ka Yehowa wò Mawu la le?” Azɔ mekpɔ eƒe anyidzedze kple nye ŋkuwo kple ale si woanyamae abe ba ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite