Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 7:16 - Agbenya La

16 Ale esi ŋu ke ŋdi kanya la, Yosua kplɔ Israelviwo ƒe towo va Yehowa ŋkume, eye wòtɔ asi Yuda ƒe to la dzi.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Eye Yosua tso ŋdi kanya, eye wòna Israel-toawo te va, tete wòlé Yuda-to la.

Gade chapit la Kopi




Yosua 7:16
7 Referans Kwoze  

Nu sia nu si nàwɔ ko la, wɔe nyuie abe ale si nàte ŋui ene elabena le ku me, afi si yi ge nàla la, dɔwɔwɔ alo ɖoɖowɔwɔ, nunya alo gɔmesese aɖeke meli o.


Maɖe abla, nyemahe ɖe megbe o, be mawɔ ɖe wò sededewo dzi.


Yosua kple Israelviwo katã fɔ ŋdi kanya, eye wodze mɔ tso Sitim va ɖo Yɔdan tɔsisi la to le fiẽ me. Wotsi afi ma dɔ ŋkeke ʋɛ aɖewo hafi tso tɔsisi la.


Le fɔŋli la, Abraham dze nake hena dzododo ɖe vɔsamlekpui la dzi. Edo agba na eƒe tedzi, eye wòkplɔ via Isak kple ɖekakpui eve siwo nye eƒe subɔlawo la ɖe asi heɖo ta teƒe si Mawu gblɔ nɛ be wòayi la.


Ekema woatɔ dzo ame si da le sea dzi la ƒe nuwo kple nu sia nu si nye etɔ la, elabena eda le Yehowa ƒe nubabla la dzi, eye wòhe dzɔgbevɔ̃e va Israel dukɔ la dzi.’ ”


Yosua kplɔ Yuda ƒe hlɔ̃wo vɛ ɖekaɖeka, eye wòtɔ asi Zera ƒe hlɔ̃ la dzi. Wokplɔ ƒome siwo tso Zera ƒe hlɔ̃ me la va Yehowa ŋkume ɖekaɖekae, eye wòtɔ asi Zabdi ƒe ƒome la dzi.


Esi ŋu ke la, Israelviwo ƒu asaɖa anyi te ɖe Gibea ŋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite