Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 6:21 - Agbenya La

21 Wotsrɔ̃ nu sia nu le dua me, ŋutsuwo kple nyɔnuwo, ɖeviwo kple ame tsitsiwo, nyiwo, alẽwo kple tedziwo. Wotsrɔ̃ nu sia nu keŋkeŋkeŋ.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Eye wotsɔ yi tsrɔ̃ ŋutsuwo kple nyɔnuwo, ɖeviwo kple ame tsitsiwo, nyiwo kple alẽwo kpakple tedziwo keŋkeŋ.

Gade chapit la Kopi




Yosua 6:21
20 Referans Kwoze  

“Ɖi le wò ŋutikɔkɔe me eye nànɔ anyi ɖe anyigba si ƒu kplakplakpla la dzi, O mi ame siwo le Dibon vinyɔnu ƒe du me elabena ame si gbã Moab la aƒo ɖe dziwò eye wòagbã wò mɔ sesẽwo.


Tete mawudɔla triakɔ aɖe tsɔ kpe aɖe si ƒe lolome anɔ abe wɔtute ene la ƒu gbe ɖe atsiaƒu me, eye wògblɔ be, “Aleae woatsɔ dziku kple ŋusẽ aƒu Babilonia, du gã la anyii, eye magafɔ gbeɖe o.


Nyagblɔɖila la gblɔ nɛ be, “Yehowa gblɔ be, ‘Esi nèɖe asi le ame si mebe wòaku la ŋu wògale agbe ta la, ele be nàku ɖe eteƒe eye wò amewo atsrɔ̃ ɖe eƒe amewo teƒe.’ ”


Elé Agag, Amalekitɔwo ƒe fia eye wòwu ame mamlɛawo katã.


Eya ta yi nàtsrɔ̃ Amalek dukɔ blibo la, ŋutsuwo, nyɔnuwo, vidzĩwo, ɖeviwo, nyiwo, alẽwo, kposɔwo kple tedziwo!’ ”


Israelviwo ha du siwo wotsrɔ̃ la ƒe nuwo kple lãwo na wo ɖokuiwo, ke wowu amegbetɔwo katã,


Woɖu Debirtɔwo dzi enumake, wu ame sia ame abe ale si wowɔ le Libna ene.


Gbe ma gbe ke la, Yosua tsrɔ̃ Makeda du la, eye wòwu fia la kple ame sia ame si nɔ dua me; womena ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã tsi agbe le du blibo la me o.


Ele be nàtsrɔ̃ dukɔ siwo katã Yehowa, wò Mawu la tsɔ de asi na wò. Mègakpɔ nublanui na wo o, eye mègasubɔ woƒe mawuwo o. Ne ègbe toɖoɖo, eye nèwɔ nu siawo la, dzɔgbevɔ̃e ava dziwò.


Míetsrɔ̃ woƒe nu sia nu kple woƒe nyɔnuwo kple woƒe vidzĩwo katã. Míena naneke tsi agbe o,


Le esia megbe la, ele be miaƒo woƒe nuwo katã nu ƒu ɖe ablɔ ƒe titina, eye miatɔ dzo wo. Emegbe la, miatɔ dzo du blibo la abe numevɔsa na Yehowa miaƒe Mawu, mìaƒe Mawu la ene. Mina du ma teƒe natsi anyi nenema: migana woagbugbɔe atu o.


Miatsrɔ̃ wo abe ale si mietsrɔ̃ Yeriko kple woƒe fia ene. Ke azɔ ya la, miate ŋu atsɔ woƒe nuwo kple woƒe nyi siwo mieha la woazu mia tɔ. Na ameawo nade xa ɖe dua godo.”


Israelvi siwo nɔ Ai dua me la do go tso dua me, eye wode asi Aitɔwo wuwu me tso megbe. Ale Aitɔwo tsi Israelviwo dome, eye wowu wo katã, ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã metsi agbe alo si o,


Ke Gibeontɔwo, ame siwo nye Hivitɔwo la se nu si Yosua wɔ Yeriko kple Ai.


Wowu ame sia ame le Hazor du la me, eye wotɔ dzo du la.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite