Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 5:9 - Agbenya La

9 Yehowa gblɔ na Yosua be, “Egbe la, miaƒe kluvinyenye le Egipte ƒe ŋukpe la ɖe ɖa,” eya ta woyɔa teƒe ma va se ɖe egbe be Gilgal, si gɔmee nye, “Ɖeɖeɖa.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Tete Yehowa gblɔ na Yosua bena: Meɖe Egipte-ŋukpe ɖa le mia ŋu egbe; eyata wona ŋkɔ teƒe ta bena Gilgal vaseɖe egbe.

Gade chapit la Kopi




Yosua 5:9
21 Referans Kwoze  

David bia ŋutsu siwo nɔ tsitre ɖe egbɔ la be, “Nu kae woawɔ na ŋutsu si awu Filistitɔ sia ahaɖe ŋukpe sia ɖa le Israel ŋu? Ame kae nye Filistitɔ, bolotɔ sia, be wòanɔ alɔme ɖem le Mawu gbagbe la ƒe aʋalɔgowo ŋu?”


Nukunu sia va eme le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke ewolia dzi. Gbe ma gbe la, Israel dukɔ blibo la tso Yɔdan tɔsisi la, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Gilgal le Yeriko ƒe ɣedzeƒe lɔƒo.


Wogblɔ be, “Míate ŋui gbeɖe o, elabena mietso aʋa o. Anye ŋukpe na mía nɔvinyɔnu la be wòaɖe bolobolotɔ.


“Kplɔ busunyagblɔla la yi asaɖa la godo. Ame siwo katã se eƒe busunyagbɔgblɔ la ada asi ɖe eƒe ta dzi, eye takpelawo katã aƒu kpee.


Meɖe asi le gbolowɔwɔ si gɔme wòdze le Egipte la ŋu o. Le eƒe ɖetugbime la, ŋutsuwo dɔna kplii, lia asi eƒe akɔnu hewɔa ahasi kplii vivivo.


Wozu gbolowo le Egipte, eye wowɔ gbolo tso keke woƒe ɖetugbime ke. Le anyigba ma dzi la, wolé no na wo, eye woli asi woƒe akɔnu.


Yehowa be, “Ŋkekewo li gbɔna, esi mahe to na ame siwo tso aʋa le ŋutilã me ko.


Ɖe ŋukpe si vɔ̃m mele la ɖa, elabena wò sewo nyo.


Wò dɔla wu dzata kple sisiblisi eya ta anɔ na Filistitɔ bolotɔ sia hã abe woawo ke ene elabena eɖe alɔme le Mawu gbagbe la ƒe aʋalɔgowo ŋu.


Yonatan gblɔ na eƒe adekplɔvi be, “Na míayi aʋamatsomatsoetɔ mawo gbɔ, ɖewohĩ Yehowa awɔ nukunu aɖe na mí elabena amewo ƒe agbɔsɔsɔ menye naneke le Yehowa gbɔ o!”


“Eya ta mivɔ̃ Yehowa, eye miasubɔe kple dzi blibo le nyateƒe me. Miɖe asi le mawu siwo mia tɔgbuiwo subɔ esime wonɔ Frat tɔsisi la godo kple Egipte la ŋu. Misubɔ Yehowa ɖeɖe ko.


Esi wotso aʋa na ŋutsuawo vɔ la, dukɔ blibo la tɔ ɖe asaɖa la me va se ɖe esime abiawo ku.


Etsana ƒe sia ƒe drɔ̃a ʋɔnu gbã le Betel, emegbe le Gilgal eye le eya yome la, le Mizpa. Ale wòdrɔ̃a ʋɔnu na Israel le teƒe siawo katã.


Ale fia la dze mɔ ɖo ta Yerusalem. Esi wòva ɖo Yɔdan tɔsisi la to la, edze abe ame siwo katã le Yuda la, ɖe wova Gilgal be yewoakpee, akplɔe atso tɔsisi lae ene!


Nye dukɔ, ɖo ŋku aɖaŋu si Moab fia, Balak, ɖo kple ale si Balaam, Beor ƒe vi la ɖo eŋu nɛ la dzi. Ɖo ŋku wò mɔzɔzɔ tso Sitim yi Gilgal la dzi, be nàdze si Yehowa ƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔwo.”


“Mese Moab ƒe alɔmeɖeɖe kple Amon ƒe viwo ƒe vlododo, ame siwo dzi nye dukɔ, eye woɖo nugbe ɖe woƒe anyigba ŋuti.


kple Bet Gilgal kple Geba nutowo me kple Azmavet, elabena woƒe hadzilawo tso kɔƒewo na wo ɖokuiwo le Yerusalem gbɔ.


“Togbɔ be Israel le gbolo wɔm hã la, esia wɔwɔ nete ɖa xaa tso Yuda gbɔ. “Mègayi Gilgal o, eye mègayi Bet Aven o. Mègaka atam agblɔ be, ‘Meta Yehowa ƒe agbe’ o.


Migati legba siwo le Betel, Gilgal alo Beerseba yome o, elabena maɖe aboyo Gilgatɔwo, eye Betel atsrɔ̃.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite