Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 4:9 - Agbenya La

9 Yosua hã kɔ kpe wuieve tu ŋkuɖodzikpe bubu ɖe Yɔdan tɔsisi la titina, le teƒe si nunɔlawo tsi tsitre ɖo. Ŋkuɖodzikpe sia gali egbegbe.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Ke Yosua tu kpe wuieve ɖe Yordan titina hã, ɖe afisi nunɔla, siwo tsɔ nubablaɖaka, ƒe afɔwo tsi tre ɖo, eye wotsi afima vaseɖe egbe.

Gade chapit la Kopi




Yosua 4:9
16 Referans Kwoze  

Samuel tsɔ kpe aɖe da ɖe Mizpa kple Sen dome eye wòna ŋkɔe be, “Ebenezer” si gɔme nye “Amenuvekpe” elabena egblɔ be, “Afi siae Yehowa ve mía nu va se ɖo!”


Kpo siawo didi ale gbegbe be, woƒe nugbɔwo didi gbɔ aɖaka la ŋu, woate ŋu akpɔ wo tso xɔ emetɔ, Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la me, gake womate ŋu akpɔ wo le Kɔkɔeƒe la godo o. Wogale afi ma va se ɖe egbe.


elabena ame siwo tso Beerot la si yi Gitaim eye wonɔ afi ma abe amedzrowo ene va se ɖe egbe.


Tso gbe ma gbe dzi la, David wɔ numama alea wònye se kple kɔnu na Israelviwo katã va se ɖe egbe.


Ŋutsu la ʋu yi ɖe Hititɔwo ƒe anyigba dzi, afi si wòtso du ɖo hena ŋkɔe be Luz eye aleae woyɔnɛ va se ɖe egbe.


Yosua ŋlɔ ameawo ƒe ŋuɖoɖo ɖe Mawu ƒe Segbalẽ la me, eye wòmli kpe gã aɖe da ɖe logoti si le Yehowa ƒe Agbadɔ la gbɔ la te abe ŋkuɖodzinu ene.


Yehowa ɖii ɖe Moabnyigba dzi, le balime si dze ŋgɔ Bet Peor, gake va se ɖe egbe la, ame aɖeke menya afi si yɔdo la le o.


Kpeawo katã nanɔ wuieve, ɖe sia ɖe ɖe Israel ƒe viŋutsuwo ƒe ŋkɔ nu. Woaɖe Israelviwo ƒe to wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe kpeawo dzi ɖekaɖeka abe ŋkɔsigɛ ene.


Eye Yehowa gblɔ na Mose be, “Va gbɔnye le to la dzi, eye nànɔ afi ma va se ɖe esime matsɔ Se siwo meŋlɔ ɖe kpewo dzi la ana wò, ale be nàte ŋu akpɔ wo dzi, afia seawo dukɔ la.”


Yakob fɔ ŋdi kanya, ɖi kpe si wòziɔ la abe ŋkuɖodzikpe ene, eye wòkɔ ami ɖe edzi.


Eya ta Isak na ŋkɔ vudo la be, “Atamvudo.” Eya ta woyɔa du si wotso ɖe afi ma la be Beerseba va se ɖe egbe.


Ale asrafoawo xɔ ga la, eye wogblɔ nu si woɖo na wo be woagblɔ la. Nya la kaka ɖe Yudatɔwo dome gbẽe, eye woxɔe se va se ɖe egbegbe gɔ̃ hã.


Eya ta woyɔa ameɖiƒe sia be, “Ʋubɔ” va se ɖe egbe.


Etsɔ kpe wuieve ɖe Yakob, ame si Yehowa gblɔ na be, “Wò ŋkɔe anye Israel” la ƒe viwo ƒe to wuieveawo ƒe xexlẽme nu.


Nunɔla siwo kɔ nubablaɖaka la, tsi tsitre ɖe tɔsisi la titina va se ɖe esime wowɔ ɖe ɖoɖo siwo katã Yehowa gblɔ na Yosua to Mose dzi la dzi. Ameawo ɖe abla zɔ tɔʋu ƒuƒui la me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite