Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 4:10 - Agbenya La

10 Nunɔla siwo kɔ nubablaɖaka la, tsi tsitre ɖe tɔsisi la titina va se ɖe esime wowɔ ɖe ɖoɖo siwo katã Yehowa gblɔ na Yosua to Mose dzi la dzi. Ameawo ɖe abla zɔ tɔʋu ƒuƒui la me.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Eye nunɔla, siwo tsɔ aɖaka la, tɔ ɖe Yordan titina, vaseɖe esime wowɔ nusiwo katã Yehowa de se na Yosua be, wòagblɔ na dukɔ la vɔ, abe alesi Mose de se na Yosua ene; eye dukɔ la di go afɔ tsɔtsɔe ɖe tɔa godo.

Gade chapit la Kopi




Yosua 4:10
14 Referans Kwoze  

Ne nunɔla siwo kɔ Yehowa, anyigba la katã ƒe Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka la, ka afɔ Yɔdan tɔsisi la me teti ko la, eƒe tsi siwo le sisim yi anyigbeme la nu atso, eye woazu gli.”


Elabena Mawu gblɔ be, “Meɖo to wò le nye amenuveɣi la, eye mekpe ɖe ŋuwò le xɔxɔgbe la.” Mele egblɔm na wò be, fifiae nye amenuveɣi, kpɔ ɖa fifiae nye xɔxɔgbe!


Ke ale Aƒetɔ Mawu gblɔe nye esi, “Kpɔ ɖa, mele gɔmeɖokpe aɖe ɖom ɖe Zion, kpe si wodo kpɔ. Dzogoedzikpe xɔasi si nye gɔmeɖokpe si maʋã o. Ame si ɖo ŋu ɖe eŋu la mavɔ̃ o.


Nu sia nu si nàwɔ ko la, wɔe nyuie abe ale si nàte ŋui ene elabena le ku me, afi si yi ge nàla la, dɔwɔwɔ alo ɖoɖowɔwɔ, nunya alo gɔmesese aɖeke meli o.


Mègaƒo adegbe le etsɔ si gbɔna ŋu o elabena mènya nu si ŋkeke la ahe vɛ o.


Maɖe abla, nyemahe ɖe megbe o, be mawɔ ɖe wò sededewo dzi.


Le esia megbe la, Mose ŋlɔ se siwo wòde na ameawo la, eye wòtsɔ wo na nunɔlawo, Levitɔwo, ame siwo kɔa nubablaɖaka si me Yehowa ƒe Se Ewoawo le. Mose tsɔ se siwo wòŋlɔ la na Israel ƒe ametsitsiwo hã.


Ne wotɔ hena nuɖuɖu la, wowɔa abolo kple amɔ maʋamaʋã si wotsɔ ɖe asi la ŋu dɔ. Amɔ la meʋã o, elabena ɖe wonya wo le Egipte, eye womekpɔ ɣeyiɣi aɖeke ana woƒe amɔ naʋã woatsɔ ɖe asi na mɔzɔzɔ la o.


Yosua hã kɔ kpe wuieve tu ŋkuɖodzikpe bubu ɖe Yɔdan tɔsisi la titina, le teƒe si nunɔlawo tsi tsitre ɖo. Ŋkuɖodzikpe sia gali egbegbe.


Esi ameawo katã tso tɔsisi la la vɔ la, nunɔlawo kɔ nubablaɖaka la tso tɔʋu la me va wo gbɔ le godzi, eye wodze ŋgɔ na wo.


“ ‘Mietso Yɔdan tɔsisi la, eye mieva Yeriko, afi ma tɔwo wɔ aʋa kpli mi abe ale si Amoritɔwo, Perizitɔwo, Kanaantɔwo, Hititɔwo, Girgasitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo siaa wɔ ene. Wowɔ aʋa kpli mi ɖeka ɖeka, gake metsrɔ̃ wo katã.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite