21 Ameawo ɖo eŋu be, “Gbeɖe, Yehowa ko miasubɔ.”
21 Tete dukɔ la ɖo ŋu na Yosua bena: Gbeɖe, Yehowa ko miasubɔ!
Ɖeka agblɔ be, ‘Yehowa tɔ menye.’ Bubu atsɔ Yakob ƒe ŋkɔ na eɖokui, eye ame bubu hã aŋlɔ ɖe eƒe asi ŋuti be, ‘Yehowa tɔ,’ eye wòatsɔ ŋkɔ be Israel.
Wogblɔ na Mose be, “Wò boŋ gblɔ nya si Mawu le gbɔgblɔm la na mí, eye míawɔ edzi. Ke mègana Mawu ŋutɔ naƒo nu na mí o; ne menye nenema o la, ava wu mí.”
Wo katã wolɔ̃ ɖe edzi kple gbe ɖeka be, “Míawɔ nu sia nu si wòadi tso mía si be míawɔ.” Mose gblɔ nya si ameawo gblɔ la na Yehowa.
Èʋu eme egbe be Yehowae nye wò Mawu, eye nèdo ŋugbe egbe be, yeawɔ eƒe sewo kple ɖoɖowo dzi, eye yeawɔ nu sia nu si wògblɔ na ye be yeawɔ.
Mose tsɔ agbalẽ si me nublanyawo le eye wòxlẽe na ameawo, eye ameawo gagblɔ be, “Míawɔ nu sia nu si Yehowa gblɔ na mi la, eye míalé eme ɖe asi.”
Mose ɖe gbeƒã se kple ɖoɖo siwo katã Yehowa de asi nɛ la na dukɔ la. Ameawo katã ɖo eŋu kple gbe ɖeka be, “Míawɔ seawo katã dzi.”
Ne miegblẽ Yehowa ɖi, eye miesubɔ mawu bubuwo la, atso ɖe mia ŋu, eye wòatsrɔ̃ mi togbɔ be ekpɔ mia dzi ɣeyiɣi didi sia hã.”
Yosua yi edzi be, “Miawo ŋutɔ miese nu si miegblɔ. Mielɔ̃ be yewoasubɔ Yehowaa?” Woɖo eŋu be, “Ɛ̃, míenye ɖasefowo.”