Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 24:12 - Agbenya La

12 Meɖo nudzodzoe teamewo ɖe mia ŋgɔ be woanya Amoritɔwo ƒe fia eveawo kple woƒe amewo. Menye miaƒe yiwo alo aŋutrɔwoe he dziɖuɖu vɛ na mi o!

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Medɔ teamekplɔɖoewo ɖe mia ŋgɔ, eye wonyã Amoritɔwo ƒe fia eveawo le mia ŋgɔ; menye wò yi kple wò dae wɔe o.

Gade chapit la Kopi




Yosua 24:12
13 Referans Kwoze  

Gawu la, Yehowa wò Mawu la aɖo nudzodzoe teamewo ɖe wo dome va se ɖe esime ame siwo tsi agbe, eye woɣla wo ɖokuiwo la hã nàtsrɔ̃.


Maɖo nudzodzoe teamewo ɖa woanya Hivitɔwo, Kanaantɔwo kple Hititɔwo ɖa le ŋgɔwò.


“Mana wò anyigba ƒe liƒowo natso Ƒu Dzĩ la nu ayi Filistitɔwo ƒe ƒu la nu, eye wòagatso gbegbe siwo le anyigbeme va se ɖe Frat tɔsisi la nu. Mana nàɖu ame siwo katã le anyigba la dzi fifia la dzi, eye mana woasi le ŋgɔwò.


Èdzra eŋuti ɖo nyuie, eye wòto ke hevu tsyɔ anyigba.


Ale Israelviwo nɔ Amoritɔwo ƒe anyigba dzi.


Esime Mose ɖo ŋkutsalawo ɖe Yazer megbe la, Israelviwo xɔ du sue siwo ƒo xlãe, eye wonya Amoritɔwo, ame siwo nɔ afi ma la le woƒe anyigba la dzi.


Yɔdan tɔsisi la ƒe go kemɛ dzi le Bet Peor kasa. Anyigba sia dzie Amoritɔwo nɔ tsã le woƒe Fia Sixɔn te, eye woƒe fiadu nye Hesbon. Mose kple Israelviwo tsrɔ̃ Fia Sixɔn kple eƒe amewo.


Israel xɔ Fia Sixɔn kple Basan fia Ɔg ƒe anyigba. Sixɔn kple Ɔg wonye Amoritɔwo ƒe fia eveawo, ame siwo nɔ Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo.


Yehowa atsrɔ̃ dukɔ siwo le anyigba la dzi abe ale si wòwɔ Sixɔn kple Ɔg, Amoritɔwo ƒe fiawo ene.


elabena míese ale si Yehowa ɖe mɔ to Ƒu Dzĩ la me na mi esi miedzo le Egipte! Míenya nu si miewɔ Sixɔn kple Ɔg, Amoritɔwo ƒe fia eve siwo le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo kple ale si miegblẽ woƒe anyigba, eye mietsrɔ̃ dukɔ blibo la gbidigbidi.


Edo vɔvɔli ɖe towo tame eye wòɖe alɔ de sedati kɔkɔwo tame.


Ewu Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia, Ɔg, Basantɔwo ƒe fia kple Kanaan fiawo katã,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite