Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 24:1 - Agbenya La

1 Yosua yɔ Israelviwo katã, woƒe ƒomewo ƒe ametsitsiwo, tatɔwo kple ʋɔnudrɔ̃lawo siaa ƒo ƒu ɖe Sekem le Mawu ŋkume.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Tete Yosua na Israel-toawo katã va kpe ta ɖe Sixem, eye wòyɔ ame tsitsiwo kple tatɔwo, ʋɔnudrɔ̃lawo kple dzikpɔlawo, eye wova tsi tre ɖe Mawu ŋku me.

Gade chapit la Kopi




Yosua 24:1
13 Referans Kwoze  

yɔ Israel ƒe kplɔlawo, ametsitsiwo, ʋɔnudrɔ̃lawo kple dɔdzikpɔlawo katã ƒo ƒu hegblɔ na wo be, “Fifia metsi azɔ.


Ke, azɔ la, miegbe nu le miaƒe Mawu si ɖe mi tso dzɔgbevɔ̃ewo kple xaxawo katã me gbɔ hegblɔ be, ‘Ɖo fia na mí!’ Eya ta mido ɖe Yehowa ŋkume le miaƒe towo kple hlɔ̃wo me.”


Esia tae medɔ ame ɖo ɖe gbɔwò ɖo, eye enyo ŋutɔ be nèva zi ɖeka hã. Azɔ mí katã míeƒo ƒu ɖi, le Aƒetɔ la ŋkume le klalo be míase nya si Mawu de asiwò be nàgblɔ na mí.”


Rehoboam yi Sekem elabena Israelviwo katã yi afi ma be woaɖoe fiae.


Esime wonɔ mɔ zɔm to Kanaanyigba dzi la, woɖo teƒe aɖe le Sikem gbɔ. Wotɔ ɖe ati gã aɖe te le More. Kanaantɔwo nɔ anyigba la dzi ɣe ma ɣi.


Ale wotsɔ woƒe aklamakpakpɛwo kple togɛwo katã na Yakob, eye wòɖi wo ɖe ati gã aɖe te le Sekem.


eya ta milé nubabla sia me nyawo me ɖe asi, eye miawɔ wo dzi be, nu sia nu si miawɔ la nadze edzi na mi.


Du siwo wotsɔ wɔ sitsoƒeduwoe lae nye Kedes le Galilea, le Naftali ƒe viwo ƒe tonyigba dzi, Sekem le Efraim ƒe viwo ƒe tonyigba dzi kple Kiriat Arba si wogayɔna be Hebron la, le Yuda ƒe tonyigba dzi.


Israelʋakɔ blibo la yi Betel, wofa avi le Aƒetɔ la ŋkume vevie eye wotsi nu dɔ va se ɖe fiẽ. Wosa numevɔ kple akpedavɔ na Yehowa.


Ale fia la yɔ Yuda kple Yerusalem ƒe dumegãwo ƒo ƒu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite