Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 23:2 - Agbenya La

2 yɔ Israel ƒe kplɔlawo, ametsitsiwo, ʋɔnudrɔ̃lawo kple dɔdzikpɔlawo katã ƒo ƒu hegblɔ na wo be, “Fifia metsi azɔ.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Yosua yɔ Israel blibo la, woƒe ame tsitsiwo kple tatɔwo, ʋɔnudrɔ̃lawo kple dzikpɔlawo gblɔ na wo bena: Metsi, eye mexɔ ƒe geɖe.

Gade chapit la Kopi




Yosua 23:2
11 Referans Kwoze  

Yosua yɔ Israelviwo katã, woƒe ƒomewo ƒe ametsitsiwo, tatɔwo kple ʋɔnudrɔ̃lawo siaa ƒo ƒu ɖe Sekem le Mawu ŋkume.


David yɔ Israel ƒe dɔdzikpɔlawo katã ƒo fu ɖe Yerusalem; Woawoe nye to vovovoawo ƒe tatɔwo, aʋafia siwo nɔ hatsotsoawo nu le fia la ƒe dɔ me, ame akpewo kple ame alafawo ƒe tatɔwo, dɔnunɔla siwo kpɔa fia la ƒe viŋutsuwo kple eƒe nunɔamesiwo kple lãhawo dzi, kpe ɖe fiasã la me dɔwɔlawo kple kalẽtɔwo kple aʋakalẽtɔwo ŋuti.


Azɔ la, miyɔ miaƒe ametsitsiwo kple miaƒe towo ƒe kplɔlawo katã ƒo ƒu, ale be mate ŋu aƒo nu na wo, eye mayɔ dziƒo kple anyigba abe ɖasefowo ene ɖe wo ŋu.


Miekpɔ nu siwo katã Yehowa, miaƒe Mawu la wɔ na mi le nye agbenɔɣi. Ewɔ aʋa kple miaƒe futɔwo na mi, eye wòtsɔ woƒe anyigba na mi.


Yosua tsi heku amegã azɔ, eye Yehowa gblɔ nɛ be, “Fifia, èzu amegãɖeɖi, evɔ dukɔ geɖewo gali siwo dzi wòle be miaɖu.


Ame si anɔ mia ŋgɔ. Fifia metsi, nye ta ƒo wɔ eye vinyewo le mia dome; mekpɔ mia dzi tso keke nye ɖekakpuime ke.


Esi Fia David tsi xɔ ƒe geɖe la, vuvɔ wɔnɛ ale gbegbe be, ne wotsyɔ avɔ geɖe nɛ hã la, vuvɔ gawɔnɛ kokoko.


Azɔ la, Fia Solomo ƒo Israelviwo ƒe kplɔlawo, towo kple hlɔ̃wo ƒe tatɔwo katã nu ƒu ɖe Yerusalem be, woakpɔ ale si woatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la tso agbadɔ la me le Zion, David ƒe du la me, ayi gbedoxɔ la me la teƒe.


Eyɔ dukplɔlawo, nunɔlawo kple Levitɔwo katã le Israel ƒo ƒu hena fiaɖoɖo ƒe wɔnawo.


Simei, tso Ramat kpɔ fia la ƒe waingblewo dzi eye Zabdi, Sifmitɔ kpɔa eƒe wainfiafia kple edzadzraɖo dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite