Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 23:10 - Agbenya La

10 Mia dometɔ ɖeka ɖe sia ɖe te ŋu nya futɔ akpe ɖeka ɖe du nu, elabena Yehowa, miaƒe Mawu la wɔa aʋa na mi,

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Mia dome ŋutsu ɖeka te ŋu nyã ame akpe, elabena Yehowa, mia Mawue, wɔ ana na mi, abe alesi wòdo ŋugbe na mi ene.

Gade chapit la Kopi




Yosua 23:10
27 Referans Kwoze  

Aleke wɔ futɔ ɖeka pɛ anya wo dometɔ akpe ɖeka eye futɔ eve ko nanya akpe ewo? Ne menye woƒe Agakpee ɖe asi le wo ŋu, eye Yehowa ŋutɔe tsrɔ̃ wo o?


Mia dometɔ atɔ̃ anya ame alafa ɖeka ɖe du nu, eye mia dometɔ alafa ɖeka anya ame akpe ewo! Miaɖu miaƒe futɔwo katã dzi.


Mègavɔ̃ dukɔ siwo le afi ma la o, elabena Yehowa, wò Mawu la awɔ aʋa na wò.”


Yehowa awɔ aʋa na mi; miawo ya mizi kpoo nɛ ko.”


O! Yehowa, wɔ avu kple ame siwo le avu wɔm kplim; wɔ aʋa kple ame siwo le aʋa wɔm kplim.


Yehowa, mia Mawu la le yiyim kpli mi! Awɔ aʋa kple futɔ la na mi, eye wòana miaɖu dzi!’


Nu ka gɔ̃ míagblɔ tso nu siawo ŋu? Ne Mawu le mía dzi la, ame kae ate ŋu atsi tsitre ɖe mía ŋu?


Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la li kpli mí, Yakob ƒe Mawu la nye míaƒe mɔ sesẽ. Sela


Miekpɔ nu siwo katã Yehowa, miaƒe Mawu la wɔ na mi le nye agbenɔɣi. Ewɔ aʋa kple miaƒe futɔwo na mi, eye wòtsɔ woƒe anyigba na mi.


Yonatan gblɔ na eƒe adekplɔvi be, “Na míayi aʋamatsomatsoetɔ mawo gbɔ, ɖewohĩ Yehowa awɔ nukunu aɖe na mí elabena amewo ƒe agbɔsɔsɔ menye naneke le Yehowa gbɔ o!”


Wowɔ nu siawo katã le aʋadzedze ɖeka pɛ ko me, elabena Yehowa, Israel ƒe Mawu la nɔ aʋa wɔm na wo.


Etsɔ tedzi kuku aɖe ƒe glãƒu si nɔ anyigba la eye wotsɔe wu Filistitɔ akpe ɖeka.


Kalẽtɔ xɔŋkɔ etɔ̃ siwo nɔ David ƒe aʋakɔ la me woe nye esiawo: Gbãtɔe nye Yoseb Basebet, tso Tahkemɔn, si wogayɔna be Adino, Eznitɔ la, ame si nye ame etɔ̃awo ƒe tatɔ. Ewu ame alafa enyi kpɔ le aʋakpekpe ɖeka me.


Ʋɔnudrɔ̃la si kplɔ Ehud ɖo lae nye Samgar, Anat ƒe vi. Etsɔ nyikplɔti wu Filistitɔ alafa ade. Eya hã ɖe Israel.


‘Miɖo tom, mi Israelviwo katã. Migavɔ̃ ne mieyi aʋa wɔ ge egbe o!


“Yehowa aɖu wò futɔwo dzi le ŋgɔwò. Woaƒo ƒu alũ ɖe dziwò, gake woaka ahlẽ asi to teƒe adre le ŋgɔwò!


Eye wògblɔ be, “Magblẽ wò ɖi nàkpɔ nu si adzɔ ɖe dziwò ɖa; ènye dzidzime si liaa kɔ Mawudzixɔse mele mewò o.


eya ta mikpɔ egbɔ be yewoyi Yehowa miaƒe Mawu lɔlɔ̃ dzi.


Woƒe futɔ geɖewo ku le aʋa la me elabena Mawu tsi tsitre ɖe wo ŋu. Ale Ruben ƒe dzidzimeviwo nɔ Hagritɔwo ƒe dzidzimeviwo ƒe anyigba dzi va se ɖe esime woɖe aboyo wo.


Ne woƒe ame ɖeka pɛ blu la miaƒe ame akpe ɖeka asi le enu, eye ne woƒe ame atɔ̃ blu la, mi katã miasi va se ɖe esime miasusɔ abe aflagati le to tame kple aflaga le togbɛ dzi ene.”


Gbe ma gbe la, Yehowa atsɔ akpoxɔnu atsyɔ Yerusalem nɔlawo dzi, ale be ame gblɔetɔ kekeake si le wo dome la anɔ abe David ene, eye David ƒe aƒe la anɔ abe Mawu ene, anɔ abe Yehowa ƒe dɔla si dze ŋgɔ na wo la ene.


Mianya miaƒe futɔwo ɖe du nu; woaku ɖe miaƒe yi nu.


Wodo gbe ɖa na Mawu, bia eƒe kpekpeɖeŋu eye wòkpe ɖe wo ŋu le woƒe ŋuɖoɖo ɖe eŋu ta. Ale woɖu Hagritɔwo kple woƒe kpeɖeŋutɔwo dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite