Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 21:44 - Agbenya La

44 Yehowa na ŋutifafa wo abe ale si wòdo ŋugbe ene; ame aɖeke mete ŋu nɔ te ɖe wo nu o. Yehowa kpe ɖe wo ŋu woɖu woƒe futɔwo katã dzi.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

44 Eye Yehowa na wokpɔ gbɔdzɔe le afisiafi, abe alesi wòka atam na wo fofowo pɛpɛpɛ ene; woƒe futɔwo katã dometɔa ɖeke menɔ te ɖe wo nu o, ke boŋ Yehowa tsɔ woƒe futɔwo katã de asi na wo.

Gade chapit la Kopi




Yosua 21:44
19 Referans Kwoze  

Ale Yosua xɔ anyigba blibo la abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene. Etsɔe na Israelviwo abe woƒe domenyinu ene, eye wòmae ɖe toawo dome. Ale aʋawɔwɔ nu tso le anyigba la dzi.


Ekema dzudzɔ si woyɔna be Dzudzɔgbe dzudzɔ la li godoo na Mawu ƒe amewo.


“Mana wò anyigba ƒe liƒowo natso Ƒu Dzĩ la nu ayi Filistitɔwo ƒe ƒu la nu, eye wòagatso gbegbe siwo le anyigbeme va se ɖe Frat tɔsisi la nu. Mana nàɖu ame siwo katã le anyigba la dzi fifia la dzi, eye mana woasi le ŋgɔwò.


Ale Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe afã la dzo le Israelviwo ƒe aʋakɔ la me le Silo, le Kanaanyigba dzi. Wotso tɔsisi la heyi woƒe anyigba dzi le Gilead.


Azɔ la, Yehowa, miaƒe Mawu la na dziɖuɖu kple dzudzɔ mí abe ale si wòdo ŋugbe ene, eya ta miyi miaƒe anyigba si Mose, Yehowa ƒe dɔla na mi le Yɔdan tɔsisi la ƒe akpa kemɛ la dzi azɔ.


Le esia megbe hafi miate ŋu ava nɔ afi sia, le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo.’ ”


“Miɖo ŋku nya si Mose, Yehowa ƒe dɔla gblɔ na mi la dzi. Egblɔ na mi be, ‘Yehowa, miaƒe Mawu la na anyigba mi le afi sia, le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo,


Yehowa ɖo eŋu be, “Nye ŋutɔ mayi kpli mi, eye mana nu sia nu nadze edzi na mi.”


“Ne èyi aʋa, eye Yehowa, wò Mawu la na nèɖu futɔwo dzi,


Le esiawo katã megbe esi Yehowa na be Israelviwo ɖu woƒe futɔwo katã dzi, eye wokpɔ gbɔdzɔe la, Yosua, ame si zu amegãɖeɖi azɔ la


Abe nyi si wokplɔ yina ɖe gbeɖuƒe ene la, Yehowa ƒe Gbɔgbɔ na wogbɔ ɖe eme. Aleae nèkplɔ wò dukɔ lae be nàde bubuŋkɔ ɖokuiwò ŋu.


Míexɔ teƒe ɖe sia ɖe tso Aroer yi Gilead, tso Arnon tɔsisi la ƒe balime ƒe liƒo dzi kple du siwo katã le bali la me. Woƒe du aɖeke mesẽ wu mí o elabena Yehowa, mía Mawu la tsɔ wo katã de asi na mí.


Le wò agbemeŋkekewo katã me la, ame aɖeke mate ŋu anɔ te ɖe nuwò o, elabena manɔ kpli wò abe ale si menɔ kple Mose ene. Nyemagblẽ wò ɖi alo aɖe asi le ŋuwò o.


Wogblɔ be, “Kakaɖedzi blibo li bena, Yehowa atsɔ anyigba la katã ana mí, elabena afi ma tɔwo katã le mía vɔ̃m ŋutɔŋutɔ.”


Yehowa tsɔ aʋakɔ gã ma de asi na Israelviwo, eye wonya wo va se ɖe keke Sidon du gã la me kple Misrefat Maim heyi Mizpa balime le ɣetoɖoƒe lɔƒo. Futɔwo dometɔ aɖeke metsi agbe o.


Yosua dze fia mamlɛawo ƒe du bubuawo dzi. Wowu ameawo katã abe ale si Mose gblɔe da ɖi xoxo la ene.


Israelviwo si le Yuda ŋgɔ eye Mawu tsɔ wo de asi na Yuda ƒe viwo


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite