Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 21:43 - Agbenya La

43 Ale Yehowa tsɔ anyigba si ŋugbe wòdo na wo tɔgbuiwo la katã na Israelviwo. Woyi ɖaɖu ameawo dzi, eye wonɔ afi ma.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

43 Ale Yehowa tsɔ anyigba blibo la na Israel, abe alesi wòka atam na wo fofowo ene, eye woxɔe hetso aƒe ɖe edzi.

Gade chapit la Kopi




Yosua 21:43
26 Referans Kwoze  

elabena matsɔ afi sia katã ana wò kple wò dzidzimeviwo.


Mawu nana yayra gã siwo ŋugbe wòdo na Abraham la nava wò kple wò dzidzimeviwo dzi. Anyigba si dzi míele fifia abe amedzrowo ene la nazu tɔwò, elabena Mawu tsɔe na Abraham.”


Anyigba mesu wo si to woawo ŋutɔ ƒe yi dzi loo, alo woawo ŋutɔ ƒe alɔe ɖu dzi na wo o, ke boŋ wò nuɖusi, wò alɔ kple wò mo ƒe kekelie xɔ na wo, elabena èlɔ̃ wo.


Mitso Yɔdan tɔsisi la, eye mianɔ anyigba si Yehowa, miaƒe Mawu le mia nam la dzi.


eya ta meɖi va be maɖe wo tso Egiptetɔwo ƒe asi me, eye makplɔ wo adzoe le Egiptenyigba dzi, woayi anyigba nyui, gã aɖe dzi, afi si notsi kple anyitsi bɔ ɖo la. Anyigba sia dzie Kanaantɔwo, Hititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo le fifia.


“Ne èva ɖo anyigba si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge dzi, eye nèxɔe la, de asi tamebubu me be, ‘Ele be fia nanɔ mía si abe dukɔ bubu siwo ƒo xlã mí la ene!’


Yehowa ɖe eɖokui fia Abram, eye wògblɔ be, “Matsɔ anyigba sia ana wò dzidzimeviwo.” Abram ɖi vɔsamlekpui aɖe ɖe afi ma hena ŋkuɖoɖo ale si Yehowa ɖe eɖokui fiae le afi ma la dzi.


“Esiae nye ŋugbedodonyigba la. Medo ŋugbe na Abraham, Isak kple Yakob be matsɔe ana woƒe dzidzimeviwo. Azɔ la, èkpɔe, gake maɖo afɔ edzi o.”


Metsɔ anyigba la na mi. Mixɔe eye mianɔ edzi.


Lãnyiƒewo ƒo xlã du siawo dometɔ ɖe sia ɖe, aleae wònɔ na du ɖe sia ɖe.


Esi wòwɔ nuteƒe na wò la, èbla nu kplii tegbee be yeatsɔ Kanaantɔwo, Hititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Yebusitɔwo kple Girgasitɔwo ƒe anyigba anae kple eƒe dzidzimeviwo tegbetegbe. Èwɔ wò ŋugbedodo dzi, elabena ènye nuteƒewɔla.


Èbɔbɔ dukɔ blibowo ɖe anyi le wo ŋgɔ, Kanaan fiawo kple woƒe amewo gɔ̃ hã zu ŋusẽmanɔŋutɔwo!


“Ɖe gbe na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne mieɖo Kanaan la, anyigba si woana mi abe domenyinu ene la ƒe liƒowo ayi ale:


“Yehowa, miaƒe Mawu la atsrɔ̃ dukɔwo ne miege ɖe woƒe anyigbawo dzi. Miaxɔ woƒe anyigba, eye mianɔ edzi.


“Lé dzi ɖe ƒo, eye nàwɔ kalẽ, elabena wòe akplɔ nye amewo woaxɔ anyigba si ŋuti meka atam ɖo na mia fofowo be matsɔ na wo abe domenyinu ene.


Na nu sia nu si wò mawu Kemos na wò la nanye tɔwò eye nu sia nu si Yehowa, míaƒe Mawu la na míawo hã la, nanye mía tɔ!


“Esime Israelviwo nɔ Egipte eye wodo ɣli ɖe kuku na Yehowa la, Yehowa ɖo Mose kple Aron ɖa be woakplɔ wo va anyigba sia dzi.


Wò amewo tso aƒe ɖe afi sia, wotu gbedoxɔ sia na wò


Enya dukɔwo le wo ŋgɔ, eye wòma woƒe anyigba na wo be wòanye woƒe domenyinu, eye wòna Israel ƒe toawo nɔ woƒe aƒewo me.


Eɖoa ŋku eƒe nubabla kple se siwo wòde na dzidzime akpewo la dzi ɖaa,


Woge ɖe anyigba la dzi hexɔe gake womeɖo to wò alo wɔ wò seawo dzi o. Womewɔ nu siwo ƒe se nède na wo be woawɔ la o, eya tae nèhe gbegblẽ sia katã va wo dzii ɖo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite