Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 21:4 - Agbenya La

4 Levi ƒome la ƒe akpa si tso Kohat ƒe hlɔ̃ me lae nye ame gbãtɔ siwo wona anyigbae. Aron ƒe dzidzimeviwo hã xɔ du wuietɔ̃ siwo nye: Yuda, Simeon kple Benyamin ƒe viwo ƒe anyigba ƒe akpa aɖe.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Tete dzidze dze Kehat-viwo ƒe ƒomewo dzi, eye wodzidze nu tsɔ du wuietɔ̃ na nunɔla Aron-viwo, siwo nye Lewitɔwo la, ɖe Yuda-to, Simeon-to kple Benyamin-to me;

Gade chapit la Kopi




Yosua 21:4
9 Referans Kwoze  

Eleazar, Aron ƒe vi hã ku, eye woɖii ɖe Efraim ƒe tonyigba dzi le Gibea, du si wotsɔ na via Finehas la me.


Kohat ƒe ƒomeawoe nye: Amram ƒe viwo, Izhar ƒe viwo, Hebron ƒe viwo kple Uziel ƒe viwo.


Eya ta Israelviwo tsɔ du siwo dzi woɖu la dometɔ aɖewo kple woƒe lãnyiƒewo na Levitɔwo abe ale si Yehowa gblɔ ene.


Wotsɔ du ewo tso Efraim ƒe viwo ƒe duwo me na Kohat ƒe ƒome bubuawo.


Ame siwo nye ƒometatɔ na Levi ƒe ƒome la ƒe ŋkɔwoe nye esiawo le woƒe tsitsi nu. Gerson, Kohat kple Merari. Levi nɔ agbe ƒe alafa ɖeka blaetɔ̃-vɔ-adre (137).


Amram ɖe Yoxebed, fofoa nɔvinyɔnu; wo viwoe nye Mose kple Aron. Amram nɔ agbe ƒe alafa ɖeka blaetɔ̃-vɔ-adre (137).


Heman ƒe kpeɖeŋutɔ gbãtɔe nye Asaf, ame si ƒe dzidzime heyi megbe va se ɖe Levi dzi la yi ale: Berekia, Simea,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite