Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 20:7 - Agbenya La

7 Du siwo wotsɔ wɔ sitsoƒeduwoe lae nye Kedes le Galilea, le Naftali ƒe viwo ƒe tonyigba dzi, Sekem le Efraim ƒe viwo ƒe tonyigba dzi kple Kiriat Arba si wogayɔna be Hebron la, le Yuda ƒe tonyigba dzi.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Tete woɖo Kedes le Galilea le Naftali-to dzi kple Sixera le Efrayim-to dzi kpakple Kiryat-Arba, si nye Xebron le Yuda-to dzi.

Gade chapit la Kopi




Yosua 20:7
22 Referans Kwoze  

Wotsɔ Arba du, si wotsɔ Arba, Anak fofo ƒe ŋkɔ na, eye woyɔnɛ azɔ be Hebron le Yuda ƒe tonyigba dzi la na wo, kpe ɖe lãnyiƒe si ƒo xlãe la ŋu.


Le ŋkeke siawo me la, Maria tso, eye wòɖe abla yi Yudea dua me,


Naftali ƒe viwo tsɔ Kedes le Galilea, Hamon kple Kiriataim kple woƒe lãnyiƒewo na wo.


Woxɔ du etɔ̃ le Naftali ƒe viwo ƒe anyigba dzi: Kedes le Galilea si nye Sitsoƒeduwo dometɔ ɖeka kple Hamot Dor kple Kartan kple wo ŋu lãnyiƒewo siwo le du etɔ̃.


Wotsɔ du ene siawo le Efraim tonyigba la dzi la na wo: Sekem si nye sitsoƒeduwo dometɔ ɖeka kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo le Efraim ƒe tonyigba la dzi, Gezer,


Hekpe ɖe Hebron si nye sitsoƒeduwo dometɔ ɖeka ŋu la, du siwo wogatsɔ na nunɔla Aron ƒe dzidzimeviwo la woe nye Libna,


Wotsɔ Anakitɔwo ƒe ame xɔŋkɔ aɖe ƒe ŋkɔ na Hebron, eya ta woyɔnɛ tsã be, Kiriat Arba. Tso esime Israelviwo xɔ anyigba la, eye wonɔ edzi ko la, afi ma tɔwo megaho aʋa ɖe wo ŋu kpɔ o.


Rehoboam yi Sekem elabena Israelviwo katã yi afi ma be woaɖoe fiae.


Eku le Kiriat Arba (si nye Hebron) le Kanaanyigba dzi. Abraham yi be yeafa konyi, eye yeafa avi nɛ.


“Mitsɔ Sitsoƒedu adeawo na Levi ƒe viwo. Ne ame aɖe wu ame le nu maɖowɔ me, eye wòƒu du ge ɖe Sitsoƒedu ade siawo kple du blaene-vɔ-eve bubu me la, anɔ dedie.


Le esia megbe la, Mose ɖoe na Israelviwo be woatia du etɔ̃ le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo,


Esia aku ɖe ale si nèwɔ eƒe se siwo katã mele dedem na wò egbe, be nàlɔ̃ Yehowa wò Mawu, eye nàzɔ ɖe eƒe ɖoɖowo nu la dzi. Ne esia va eme la, ele be nàgawɔ du bubu etɔ̃ Sitsoƒeduwoe.


Kedes fia ɖeka, Yokneam le Karmel fia ɖeka,


Yehowa gaɖoe be woagatia du bubu etɔ̃ woazu sitsoƒeduwo le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo, le Yeriko ƒe akpa kemɛ. Sitsoƒedu siawoe nye Bezer le Ruben ƒe viwo ƒe anyigba dzi, Ramot le Gilead, le Gad ƒe viwo ƒe anyigba dzi kple Golan le Basan, le Manase ƒe viwo ƒe anyigba dzi.


Yehowa gblɔ na Yosua be wòatsɔ Yuda ƒe anyigba ƒe akpa aɖe na Kaleb, Yefune ƒe vi la. Ale wotsɔ Arba du si wogayɔna be Hebron, du si wotsɔ Anak fofo ƒe ŋkɔ na la na Kaleb.


Du siwo woɖo gli ƒo xlã le anyigba la dzi la woe nye: Zidim, Zer, Hamat, Rakat, Kineret,


Adama, Rama, Hazor,


Kedes, Edrei, En Hazor,


Yosua yɔ Israelviwo katã, woƒe ƒomewo ƒe ametsitsiwo, tatɔwo kple ʋɔnudrɔ̃lawo siaa ƒo ƒu ɖe Sekem le Mawu ŋkume.


Gbe ɖeka la Abimelek, Yerubaal ƒe vi, ɖi tsa yi ɖasra nyruiawo kpɔ le Sekem


Rehoboam yi Sekem elabena Israelviwo katã yi afi ma be woaɖoe fiae.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite