Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 17:7 - Agbenya La

7 Manase ƒe viwo ƒe anyigba ƒe anyigbemeliƒo ɖo ta anyigbeme lɔƒo tso Aser ƒe liƒo dzi yi Mixmetat, le Sekem ƒe ɣedzeƒe. Le anyigbeme la, liƒo la tso Mixmetat yi Tapua ƒe vudo gbɔ.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Eye Manase ƒe liƒo tso Aser va to Mixmetat le Sixem kasa, eye wòzɔ En-Tapuaxtɔwo ŋu le ɖusi me gome.

Gade chapit la Kopi




Yosua 17:7
15 Referans Kwoze  

Wotsɔ du ene siawo le Efraim tonyigba la dzi la na wo: Sekem si nye sitsoƒeduwo dometɔ ɖeka kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo le Efraim ƒe tonyigba la dzi, Gezer,


Sekem (sitsoƒedu) kple Gezer,


Azɔ la, Yeroboam tu Sekem du la ɖe Efraim ƒe tonyigba dzi eye wòna wòzu eƒe fiadu. Etu Penuel du la emegbe.


Rehoboam yi Sekem elabena Israelviwo katã yi afi ma be woaɖoe fiae.


Gbe ɖeka la Abimelek, Yerubaal ƒe vi, ɖi tsa yi ɖasra nyruiawo kpɔ le Sekem


Woɖi Yosef ƒe ƒu siwo Israel tsɔ vɛ tso Egiptenyigba dzi la ɖe Sekem, le anyigba si Yakob ƒle le Hamor ƒe viwo si la dzi. Teƒe sia le anyigba si woma na Yosef ƒe viwo la me.


Yosua yɔ Israelviwo katã, woƒe ƒomewo ƒe ametsitsiwo, tatɔwo kple ʋɔnudrɔ̃lawo siaa ƒo ƒu ɖe Sekem le Mawu ŋkume.


Du siwo wotsɔ wɔ sitsoƒeduwoe lae nye Kedes le Galilea, le Naftali ƒe viwo ƒe tonyigba dzi, Sekem le Efraim ƒe viwo ƒe tonyigba dzi kple Kiriat Arba si wogayɔna be Hebron la, le Yuda ƒe tonyigba dzi.


Ale wògblɔ nɛ be, “Yi nàkpɔe ɖa be nu sia nu le edzi yim nyuie na nɔviwòwo kple woƒe lãwo hã, eye nàva gblɔe nam.” Ale wòɖoe ɖa le Hebron ƒe Balime. Esime Yosef ɖo Sekem la,


Gbe ɖaka la, Yosef nɔviwo kplɔ wo fofo ƒe alẽwo yi gbedzi le Sekem.


Ke esi Fia Hamor, Hivitɔ ƒe viŋutsu, Sekem kpɔe la, elée hedɔ egbɔ sesẽtɔe.


esi wona anyigba eƒe dzidzimevi siwo nye nyɔnuwo kple ŋutsuwo siaa ta. Wotsɔ Gileadnyigba na Manase ƒe dzidzimevi bubuawo.


Tapuanyigba nye Manase ƒe viwo tɔ, ke Tapua du la, si le Manase ƒe viwo ƒe anyigba ƒe liƒo dzi la nye Efraim ƒe viwo tɔ.


Mawu ƒo nu tso eƒe kɔkɔeƒe la be; “Le dziɖuɖu me, mama Sekem, eye madzidze Sukɔt Balime hã.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite