Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 17:2 - Agbenya La

2 eya ta, azɔ la, wotsɔ anyigba si le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe la na hlɔ̃ siwo dzɔ tso Abiezer, Helek, Asriel, Sekem, Semida kple Hefer me.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Manase-vi mamleawo xɔ wo tɔ le woƒe ƒomeawo nu, woawo nye: Abiezer-viwo, Xelek-viwo, Asriel-viwo, Sexem-viwo, Xefer-viwo kple Semida-viwo, esiawo nye Yosef vi Manase ƒe viŋutsuwo le woƒe ƒomeawo nu.

Gade chapit la Kopi




Yosua 17:2
6 Referans Kwoze  

Hamoleket, Makir nɔvinyɔnu dzi Ishod, Abiezer kple Mahla.


Ke Gideon ɖo eŋu be, “Ɖe Efraim ƒe wainxaxa mlɔetɔ menyo wu Abiezer ƒe wainxaxa blibo la oa?


Gbe ɖeka la, Yehowa ƒe dɔla aɖe va nɔ anyi ɖe oɖumti la te le Ofra, le Yoas, Abiezritɔ la ƒe agble me. Yoaz ƒe vi, Gideon, ɣla eɖokui ɖe wainfiaƒe aɖe le vɔvɔ̃ na Midiantɔwo ta eye wònɔ lu klẽm kple asi.


Wotsɔ Gilead kple Basan ƒe anyigbawo, le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe na Makir, Manase ƒe vi tsitsitɔ, ame si nye Gilead fofo, elabena wonye aʋawɔla sesẽwo,


Viŋutsu aɖeke menɔ Zelofehad si o, Zelofehad fofoe nye Hefer, ame si fofoe nye Gilead, ame si fofoe nye Makir, ame si hã fofoe nye Manase. Vinyɔnu atɔ̃ koe nɔ esi, woawoe nye: Mahla, Noa, Hogla, Milka kple Tirza.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite