Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 16:3 - Agbenya La

3 le Arkitɔwo ƒe anyigba dzi, ɖo ta ɣetoɖoƒe, yi Yafletitɔwo ƒe liƒo dzi, yi keke Bet Horon le gbadzaƒe, to Gezer heyi ɖatɔ Domeƒu la.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 eye wòmlo to Yafletitɔwo ƒe anyigba ŋu le ɣetoɖoƒe gome hezɔ Bet-Xoron-nyigba ƒe anyigbe gome va ke ɖe Gezer hewu nu ɖe ƒu la nu.

Gade chapit la Kopi




Yosua 16:3
9 Referans Kwoze  

Eglã Bet Horon du dzigbetɔ kple Bet Horon anyigbetɔ siaa. Eɖo gli ƒo xlã wo, de gakpogbowo kple gametiwo wo nu.


Liƒo la tso afi ma ɖo ta dziehe yi Luz, afi si wogayɔna be Betel, heyi Atarot Ada, le Bet Horon ƒe tonyigba dzi le dziehe.


Esime Israelviwo nɔ aʋa wɔm le Lakis la, Gezer fia Horan va do kple eƒe aʋakɔ be yeaʋli Lakis du la ta. Ke Yosua ƒe amewo wui, eye wotsrɔ̃ eƒe aʋakɔ blibo la.


Anyigba si dzi wonɔ la do liƒo kple Betel kple du siwo ƒo xlãe; edo liƒo kple Naran le ɣedzeƒe kple Gezer kple eƒe duwo le ɣetoɖoƒe eye wògado liƒo kple Sekem kple du siwo ƒo xlãe heyi Aya kple du siwo ƒo xlãe.


Efraim ƒe vinyɔnu ŋkɔe nye Seera, eyae tu Bet Horon Anyigbetɔ kple Bet Horon Dzigbetɔ siaa kple Uzen Seera.


Miaƒe ɣetoɖoƒeliƒo anye Domeƒu la ƒe ƒuta.


aʋalɔgo evelia yi Bet Horon eye etɔ̃lia ɖo ta liƒo si le Zeboim ƒe balime te ɖe gbegbe la ŋu la dzi.


Egawɔ aʋa kple Filistitɔwo le Gezer, ke Sibekai, ŋutsu aɖe tso Husat, wu Sipai, si nye Refaim ƒe dzidzimeviwo dometɔ ɖeka ale Filistitɔwo na ta.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite