Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 15:8 - Agbenya La

8 Liƒo la to Ben Hinom ƒe Balime azɔ, to Yebus, afi si wotso Yerusalem ɖo ƒe dziehe lɔƒo, to ɣetoɖoƒe yi toawo dzi le Ben Hinom ƒe Balime tame heyi ɖase ɖe Refaim ƒe balime ƒe seƒe le dzigbeme.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eye liƒo la zɔ Ben-Hinom-bali la me va to Yebusitɔwo ƒe to la ŋu le dziehe, esia nye Yerusalem; eyome liƒo la zɔ to, si le Hinom-bali la nu le ɣetoɖoƒe gome la tame le Refaim-bali la ƒe mlɔenu le anyiehe gome,

Gade chapit la Kopi




Yosua 15:8
17 Referans Kwoze  

heyi to si le Ben Hinom ƒe Balime le Refaim ƒe balime ƒe anyiehe gome. Etso afi ma, heto Hinom ƒe balime hetrɔ yi dziehe gome, afi si Yebusitɔwo nɔ, eye wòyi ɖatɔ En Rogel.


Yuda ƒe viwo mete ŋu nya Yebusitɔwo, ame siwo nɔ Yerusalem la ɖa o, eya ta Yebusitɔwo gale afi ma, le Yuda ƒe viwo dome va se ɖe egbe.


Ke ŋutsu la melɔ̃ be yeagatsi anyi zã ma me o, ale wodze mɔ heɖo ta Yebus si woyɔna hã be Yerusalem kple eƒe tedzi eve siwo wodo agba na kple eƒe ahiãvi la.


Zela, Haelef, Yebus (alo Yerusalem), Gibea kple Kiriat Yearim. Wo katã le du wuiene. Wotsɔ du wuiene siawo kple kɔƒe siwo katã ƒo xlã wo la na Benyamin ƒe ƒome la.


Le esia megbe la, fia la do gu Tofet si nɔ Ben Hinom ƒe Balime, ale be ame aɖeke magate ŋu atsɔ via ŋutsuvi alo via nyɔnuvi awɔ dzovɔsae na Molek o.


Benyamin ƒe viwo mete ŋu tsrɔ̃ Yebusitɔwo, ame siwo nɔ Yerusalem o eya ta wogale afi ma kple Israelviwo va se ɖe egbe.


Tete Yeremia trɔ tso Tofet, afi si Yehowa dɔe ɖo be wòagblɔ nya ɖi heva tsi tsitre ɖe Yehowa ƒe aƒe la ƒe xɔxɔnu eye wògblɔ na ameha la bena,


Eya ta Yehowa be mikpɔ nyuie elabena ŋkekewo li gbɔna, esi amewo magayɔ teƒe sia be Tofet alo Ben Hinom ƒe Balime o, ke boŋ woayɔe be Kubalime.


ne miayi ɖe Ben Hinom ƒe Balime si te ɖe agbo si woyɔna be Zemegbo la ŋu. Le afi ma la, ɖe gbeƒã nya siwo magblɔ na wò.


Azu abe bligble si me woŋe bli le hegblẽ hɔ̃litiawo ɖe tsitrenu ene, eye abe ale si agbledela fɔa bli dzɔdzɔe le Refaim me ene.


Edea Ben Hinom ƒe Balime gɔ̃ hã, menye be yeado dzudzɔ na legbawo ko o, ke boŋ etsɔ eya ŋutɔ viawo sa vɔe le dzo me abe ale si trɔ̃subɔla siwo Yehowa nya le anyigba la dzi be Israel nakpɔ teƒe la wɔna ene.


Ke Filistitɔwo trɔ va eye wogakaka ɖe Refaim balime.


Filistitɔwo va do eye wokaka ɖe Refaim balime.


Yuda ƒe viwo ɖu Yerusalem dzi, wowu ameawo katã eye wotɔ dzo dua.


Le esia megbe la, David kple Israel blibo la ho aʋa ɖe Yerusalem, du si woyɔna tsã be Yebus la ŋu. Yebusitɔwo nye ame siwo nye anyigba la dzi nɔla gbãtɔwo.


Zanoa, Adulam kple woƒe kɔƒewo, Lakis kple eƒe agblewo kpakple Azeka kple eƒe duwo. Ale ameawo ƒe nɔƒe tso Beerseba va yi Hinom balime la to.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite