Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 15:10 - Agbenya La

10 ɖo ta Edom ƒe to Seir gbɔ, yi Yearim to alo Kesalon ƒe dzigbeme, yi Bet Semes heto Timna ŋu.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Eye liƒo la tro tso Baala ɖo ta Seir-to gbɔ le ɣetoɖoƒe heva zɔ Har-Yearim-to la ŋu le anyiehe, esia nye Kesalon, eye wòmlo to Bet-Semes vaseɖe Timna.

Gade chapit la Kopi




Yosua 15:10
12 Referans Kwoze  

Gbe ɖeka la, Samson yi Timna eye wòkpɔ Filisti ɖetugbi aɖe.


Gbe ɖeka esi Samson kple edzilawo yina Timna la, dzatavi aɖe nɔ gbe tem helũ ɖe Samson dzi le waingble aɖe me le dua gbɔ lɔƒo.


Kain, Gibea kple Timna. Du siawo le ewo kple woƒe kɔƒeduwo.


Liƒo la yi togbɛ siwo le Ekron ƒe dzigbeme la gbɔ, trɔ ɖo ta Sikeron to, Baala to la ŋu, yi Yabneel hewu nu ɖe Domeƒu la to.


Ain, Yuta kple Bet Semes kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo. Wonye du asiekɛ tso Yuda ƒe viwo kple Simeon ƒe viwo ƒe anyigbawo me.


gake miaƒe ŋku nanɔ eŋuti. Nenye be eyi ɖe eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi ɖo ta Bet Semes la, ekema Yehowae he dɔvɔ̃ sia va mía dzii. Gake ne mewɔe nenema o la, ekema míanyae be menye eƒe asie ƒo mí o, ke boŋ nane koe wònye va dzɔ ɖe mía dzi.”


David kple eƒe ameawo katã dze mɔ tso Baala Yuda be woaɖakɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la tso afi ma vɛ. Woyɔa Yehowa Ŋusẽkatãtɔ, ame si le Kerubi siwo le nubablaɖaka la dzi la ƒe ŋkɔ ɖe eŋu.


Yirɔn, Migdalel, Horem, Bet Anat kple Bet Semes. Wonye du wuiasiekɛ kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo.


Ke Amazia gbe toɖoɖoe, ale Israel fia Yehoas ƒo ƒu aʋakɔ aɖe nu ɖe eŋu. Yoas kple Amazia ƒe aʋakɔwo do go le Bet Semes le Yuda.


le esime Filistitɔwo va ha du siwo nɔ togbeawo dzi kple esiwo nɔ Negev le Yuda. Woxɔ du siawo: Bet Semes, Aiyalon kple Gederot Timna, Soko kple Gimzo kpakple kɔƒe siwo ƒo xlã wo eye wonɔ wo me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite