Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 14:1 - Agbenya La

1 Esiae nye ale si woma Kanaanyigba si le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe la na Israelviwoe. Nunɔla Eleazar kple Yosua, Nun ƒe vi kple Israel ƒe towo ƒe ƒomewo ƒe kplɔlawo ma anyigba la na ameawo.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Esia nye anyigba, si nunɔla Eleazar kple Yosua, Nun vi, kpakple Israel-viwo ƒe toawo ƒe amegãwo ma na Israel-viwo le Kanaan-nyigba dzi.

Gade chapit la Kopi




Yosua 14:1
10 Referans Kwoze  

Le esia megbe la, Mawu tsrɔ̃ dukɔ adre sɔŋ le Kananyigba dzi, eye wòtsɔ anyigba sia na Israelviwo abe woƒe domenyinu ene.


Mose gblɔ na Israelviwo be, “Anyigba sia dzie miadzidze nu ɖo hena emama ɖe mia dome. Mimae ɖe to asiekɛ kple afã dome,


Yehowa gblɔ na Mose be,


Ke ne mietso Yɔdan tɔsisi la heɖo ŋugbedodonyigba la dzi, eye Yehowa, miaƒe Mawu na dzudzɔ mi, eye wòna mievo tso miaƒe futɔwo katã ƒe asi me la,


“Sidontɔwo, ame siwo le tonyigba la dzi le Lebanon towo kple Misrefat Maim dome la ƒe anyigba hã le eme. Mele klalo be manya dukɔ siawo katã ɖa le Israel dukɔ la ŋgɔ, eya ta bu anyigba siawo katã abe mia tɔwo ene,


Nunɔla Eleazar, Yosua kple Israel ƒe towo ƒe kplɔlawo kpɔ akɔdada la dzi hena anyigba la mama ɖe toawo dome. Woda akɔ sia le Yehowa ŋkume le Agbadɔ la ƒe mɔnu le Silo.


Levitɔwo ƒe kplɔlawo va Silo be yewoalé nya aɖe akpɔ kple nunɔla Eleazar kple Yosua kple Israel ƒe to vovovoawo ƒe kplɔlawo.


Abisua ƒe vi, Finehas ƒe vi, Eleaza ƒe vi kple nunɔlagã Aron ƒe vi.


“ ‘Ne miema anyigba la abe domenyinu ene la, ele be miana anyigba la ƒe akpa aɖe Aƒetɔ Yehowa abe teƒe kɔkɔe ene, wòadidi mita akpe wuietɔ̃ (13,000) wòakeke mita akpe wuiɖeke (11,000), eye teƒe la katã nanye teƒe kɔkɔe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite