Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 13:9 - Agbenya La

9 Woƒe anyigba la nye teƒe si tso Areor, le Arnon tɔsisi la ƒe balime ƒe toga kple du siwo le balime la, to Medeba ƒe togbɛnyigba dzi yi Dibon.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 tso Aroer, si le Arnon-tɔʋu la nu kple du, si le bali lãme gbɔ kpakple Medeba-tagba blibo la vaseɖe Dibon;

Gade chapit la Kopi




Yosua 13:9
15 Referans Kwoze  

Ruben ƒe viwo ƒe anyigba tso Aroer le Arnon tɔsisi la ƒe balime ƒe toga, dze le Arnon du si le balime la ƒe titina la ŋu va dze le Medeba ƒe togbɛwo ŋu.


“Ke míawo míeɖu wo dzi wotsrɔ̃ Hesbon yi keke Dibon míegbã wo yi keke Nofa, yi kekeke Medeba.”


Eva Dibon, Nebo kple Bet Diblataim dzi.


“Ɖi le wò ŋutikɔkɔe me eye nànɔ anyi ɖe anyigba si ƒu kplakplakpla la dzi, O mi ame siwo le Dibon vinyɔnu ƒe du me elabena ame si gbã Moab la aƒo ɖe dziwò eye wòagbã wò mɔ sesẽwo.


Wò ame siwo le Dibon la lũ ta kolikoli, eye wolũ woƒe ge hã hele konyi fam vevie, eye woyi ɖe woƒe mawu Nebo kple Medeba ƒe gbedoxɔwo me ne woafa na wo.


Amoritɔwo ƒe fia Sixɔn, ame si nɔ Hesbon la ƒe fiaɖuƒe keke tso Aroer le Arnon balime gbɔ kple tso Arnon tɔsisi la ƒe balime ƒe titina yi ɖatɔ Yabok tɔsisi la si nye Amonitɔwo ƒe liƒo dzi. Gileadnyigba si le Yabok tɔsisi la ƒe dzigbeme egbe la ƒe afã nɔ Sixɔn ƒe anyigba me.


Ruben kple Gad ƒe towo xɔ anyigba tso Yabok tɔsisi la ŋu le Gilead, afi si Amonitɔwo ƒe anyigba dze egɔme tso va se ɖe Arnon tɔsisi la ƒe balime ƒe titina.


Míetsɔ anyigba si míexɔ la na Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo kple Manase ƒe to afã la ƒe viwo. Metsɔ anyiehenyigba si tso Areor le Arnon tɔsisi la gbɔ kple Gilead to la ƒe afã kple eƒe duwo na Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo.


Míexɔ teƒe ɖe sia ɖe tso Aroer yi Gilead, tso Arnon tɔsisi la ƒe balime ƒe liƒo dzi kple du siwo katã le bali la me. Woƒe du aɖeke mesẽ wu mí o elabena Yehowa, mía Mawu la tsɔ wo katã de asi na mí.


Manase ƒe to la ƒe afã kple Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo xɔ woƒe domenyinu le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe xoxo, elabena Mose tsɔ anyigba sia na wo.


Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia, ame si ƒe fiadu nye Hesbon la ƒe duwo hã nɔ anyigba la me, eye wòtso eme yi keke Amon ƒe liƒowo dzi.


Esi wotso Yɔdan tɔsisi la vɔ la, woƒu asaɖa anyi ɖe Aroer gbɔ le du si le balime la ƒe dziehe gome eye wozɔ to Gad va ɖo Yazer.


Woda tasiaɖam akpe blaetɔ̃-vɔ-eve (32,000) kple wo dolawo. Nenema ke wotsɔ Maaka fia kple eƒe aʋakɔ blibo la, ame siwo va ƒu asaɖa anyi ɖe Medeba gbɔ, esime woyɔ Amonitɔwo ƒo ƒu tso woƒe duwo me eye wodo yi aʋakpeƒe.


Yuda ƒe vi siwo nɔ kɔƒewo me le agblewo me la nɔ Kiriat Arba, Dibon kple Yekabzeel kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo la.


Nugblẽla ava du sia du me eye du aɖeke masi o. Woagblẽ balimewo eye woakaka towo elabena Yehowae gblɔe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite