Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 13:3 - Agbenya La

3 si tso Sixor tɔsisi la gbɔ le Egipte ƒe liƒo dzi heyi anyiehe ke, elabena wobu anyigba si va tɔ Ekron ƒe liƒo la abe Kanaantɔwo ƒe anyigba ene. Filistitɔwo ƒe fiawo nɔ Gaza, Asdod, Askelon, Gat kple Ekron; hekpe ɖe Avitɔwo ŋu

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 tso Sixor, si si to Egipte ŋu gbɔ vaseɖe Ekron, si wobuna ɖe Kanaanitɔwo me la, ƒe liƒo ŋu le anyiehe. Filistitɔwo ƒe amegã atɔ̃awo nye: Gazatɔ, Asdodtɔ, Askalontɔ, Gadtɔ kple Ekrontɔ hekpe ɖe Avitɔwo ŋu le dziehe;

Gade chapit la Kopi




Yosua 13:3
18 Referans Kwoze  

Azɔ nu ka ta miebe yewoayi ɖe Egipte, aɖano Sihor me tsi? Eye nu ka ta miayi Asiria be miano Frat tɔsisi me tsi?


Ame siwo ganɔ anyigba la dzi kokoko woe nye Filistitɔwo ƒe du atɔ̃ me nɔlawo, Kanaantɔwo katã, Sidontɔwo kple Hivitɔwo, ame siwo nɔ Lebanon towo dzi, tso Baal Hermon to dzi yi ɖase Hamat mɔ nu.


Nenema kee Kaftoritɔwo dze Avitɔwo, ame siwo nɔ du siwo kaka ɖe afi ma va se ɖe keke Gaza ke la dzi.”


Filistitɔwo bia be, “Fɔɖivɔsanu kae míatsɔ aɖo ɖa?” Woɖo eŋu be, “Sikaƒoƒoe atɔ̃ kple afi si wowɔ kple sika la atɔ̃, ɖe Filistitɔwo ƒe amegãwo ƒe xexlẽme nu elabena dɔvɔ̃ ɖeka ƒomevie va dze mi kple mia dziɖulawo siaa dzi.


Ke Israelviwo menya Gesuritɔwo alo Makatitɔwo o, eya ta wogale Israelviwo dome va se ɖe egbe.


Ham ƒe viŋutsuwoe nye: Kus, Egipte, Put kple Kanaan.


Filistitɔwo ƒe kplɔla atɔ̃awo katã va yi Ɖelila gbɔ, eye wobia tso esi be wòable Samson nu ne wòagblɔ eƒe ŋusẽ ƒe dzɔtsoƒe nɛ ne wòava gblɔ na yewo ale be yewoate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe edzi alée, ablae awɔ fui. Ne ete ŋu wɔ nenema la, ekema yewo dometɔ ɖe sia ɖe atsɔ klosalo akpe ɖeka kple alafa ɖeka anae.


Filistitɔwo tsɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la tso aʋagbe la dzi le Ebenezer


Ale Solomo ɖu ŋkekenyui le ɣe ma ɣi me eye Israel katã ɖui kplii. Ameha gã aɖe ŋutɔe wònye, ameawo tso Lebo Hamat va se ɖe Egipte tɔʋu la gbɔ ke. Woɖu ŋkeke sia le Yehowa, míaƒe Mawu la ŋkume ŋkeke adre eye wogaɖui ŋkeke adre bubu. Wo katã le ŋkeke wuiene.


Wotsɔ bli tso Sidon, nuŋeŋe si tso Nil Nutowo me to tɔ gãwo dzi va Tiro abe adzɔnuwo ene, ale Tiro zu asiɖiƒe na dukɔwo.


Ale Yehowa wɔ nubabla sia kple Abram gbe ma gbe gblɔ be, “Metsɔ anyigba sia si le Egipte tɔsisi la kple Frat tɔsisi gã la dome la na wò dzidzimeviwo.


Ale woyɔ takpekpe na Filistitɔwo ƒe dziɖulawo katã, eye wobia wo be, “Nu ka míawɔ kple Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka?” Woɖo eŋu be, “Mitsɔ Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka yi ɖada ɖe Gat.” Ale woɖe Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka la ɖa.


Ale wotsɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la ɖo ta Ekron. Ke esi Ekrontɔwo kpɔe wògbɔna wo gbɔ ko la, wodo ɣli be, “Wotsɔ Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka la gbɔna afi sia be wòawu mí kple míaƒe amewo.”


Ale David yɔ Israelviwo katã tso Sihor tɔsisi le Egipte ŋu va se ɖe Hamat ƒe mɔnu ale be woanɔ anyi hafi woatsɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la vɛ tso Kiriat Yearim.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite