Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 13:1 - Agbenya La

1 Yosua tsi heku amegã azɔ, eye Yehowa gblɔ nɛ be, “Fifia, èzu amegãɖeɖi, evɔ dukɔ geɖewo gali siwo dzi wòle be miaɖu.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Esi Yosua tsi xɔ ƒe geɖe la, Yehowa gblɔ nɛ bena: Etsi, eye nèxɔ ƒe geɖe; anyigba geɖe kpɔtɔ womexɔ haɖe o.

Gade chapit la Kopi




Yosua 13:1
12 Referans Kwoze  

“Abe ale si wò ŋutɔ nènya ene la, Yehowa lé agbe ɖe te nam, eye wòna lãmesesẽm tso ɣe ma ɣi va se ɖe fifia, le ƒe blaene-vɔ-atɔ̃ siawo me, tso esime míetsa tsaglalã le gbedzi. Egbe la, mexɔ ƒe blaenyi-vɔ-atɔ̃,


Ke Yehowa miaƒe Mawu ŋutɔ akplɔ mi, atsrɔ̃ dukɔ siwo le anyigba la dzi, eye miaɖu wo dzi. Yosua nye miaƒe kplɔla yeye la abe ale si Yehowa do ŋugbe ene.


Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe ko la, Nun vi Yosua ku. Exɔ ƒe alafa ɖeka kple ewo.


Gake vi aɖeke hã menɔ wo si o, elabena Elizabet nye konɔ, eye wo ame eve la katã wotsi ŋutɔ.


Azɔ la, Abraham kple Sara tsi ŋutɔ, eye Sara ƒe vidziɣi va yi xoxoxo.


Esi Fia David tsi xɔ ƒe geɖe la, vuvɔ wɔnɛ ale gbegbe be, ne wotsyɔ avɔ geɖe nɛ hã la, vuvɔ gawɔnɛ kokoko.


“Anyigba siwo kpɔtɔ la woe nye: “Filisti kple Gesur dukɔwo ƒe anyigba


“Ɖe gbe na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne mieɖo Kanaan la, anyigba si woana mi abe domenyinu ene la ƒe liƒowo ayi ale:


Tso afi ma la, azɔ Yɔdan tɔsisi la ŋu ahawu nu ɖe Dzeƒu la nu. “ ‘Esiae nye miaƒe anyigba kple eƒe liƒo si ƒo xlãe.’ ”


Ale Yosua bia Israelviwo be, “Va se ɖe ɣe ka ɣie mialala hafi anya ame siwo le anyigba si Yehowa, mia Mawu la na mi la dzi?


Yehowa gblɔ na Yosua be,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite