Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 12:7 - Agbenya La

7 Fia siwo ƒe anyigba Yosua kple Israelviwo xɔ le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe la ƒe ŋkɔwoe nye esiwo gbɔna. Anyigba la tso Baal Gad le Lebanon ƒe balime yi Balak to la gbɔ le Seir to la ƒe ɣetoɖoƒe. Yosua tsɔ anyigba sia na Israelviwo ƒe to bubuawo me tɔwo.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Esiawo nye anyigba dzi fia, siwo dzi Yosua kple Israel-viwo ɖu, le Yordan ƒe go si dzi le ɣeto ɖoƒe gome, tso Baal-Gad le Libanon ƒe bali me vaseɖe to tamekokoe, siwo ɖo ta Seir la gbã; eye Yosua tsoe na Israel-toawo wo tɔ wo tɔe, ne wòanye wo tɔ,

Gade chapit la Kopi




Yosua 12:7
16 Referans Kwoze  

Ale Israelviwo ƒe anyigba keke azɔ tso keke Halak to la gbɔ te ɖe Seir ŋu yi Baal Gad le Lebanon ƒe balime le Hermon to la te. Yosua wu teƒe mawo ƒe fiawo katã.


Ale Yosua xɔ anyigba blibo la abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene. Etsɔe na Israelviwo abe woƒe domenyinu ene, eye wòmae ɖe toawo dome. Ale aʋawɔwɔ nu tso le anyigba la dzi.


Ale si Israelviwo ɖu dukɔwo dzi la va ɖo to me na fia aɖewo. Fia siawo ƒe dukɔwoe nye esiwo nɔ Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe, dukɔ siwo nɔ towo kple togbɛwo dzi, esiwo nɔ Domeƒu la ŋu kple esiwo nɔ dzigbeme heyi keke Lebanon. Dukɔ siawoe nye Hititɔwo, Amoritɔwo, Kanaantɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo.


Nunɔla siwo kɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la tɔ ɖe anyigba ƒuƒui dzi le Yɔdan tɔsisi la titina, ale Israelviwo katã tso eme va se ɖe esime dukɔ blibo la tso tɔsisi la le anyigba ƒuƒu dzi.


Gblɔ na ameawo be wole wo nɔviwo, Edomtɔwo ƒe anyigba dzi to ge. Ame siawoe nye Esau ƒe dzidzimevi siwo le Seir. Dzidzi aƒo Edomtɔwo, eya ta mikpɔ nyuie.


Míetrɔ, gbugbɔ to gbegbe la heɖo ta Ƒu Dzĩ la gbɔ, elabena nenemae Yehowa ɖo nam. Míetsa tsaglalã le Seir to la gbɔ ƒe geɖewo.


Dison, Ezer kple Disan. Ame siawoe nye Horitɔwo ƒe fiawo le woƒe tokɔ vovovoawo nu le Seirnyigba dzi.


Ame siawo nye Seir, Horitɔ la ƒe viŋutsuwo, ame siwo nɔ nuto la me: Lotan, Sobal, Zibeon, Ana,


Ale Esau, ame si wogayɔna be Edom la yi ɖanɔ tonyigba dzi le Seir.


Yakob dɔ amewo ɖe foa Esau gbɔ le Edom le Seirnyigba dzi.


kple Horitɔwo le Seir ƒe tonyigba dzi heyi keke El Paran, afi si te ɖe gbegbe la ŋu.


Ewu Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia, Ɔg, Basantɔwo ƒe fia kple Kanaan fiawo katã,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite